Akpa 5—Biblia-nusɔsrɔ̃ Siwo Yia Ŋgɔ Wɔwɔ
Nu Agbɔsɔsɔme si Miasrɔ̃
1 Yesu bu eƒe nusrɔ̃lawo ƒe ŋutete ŋu le nu fiafia wo me, si na wòƒo nu na wo “abe alesi wòanya se na wo ene.” (Mar. 4:33; Yoh. 16:12) Nenema kee egbea hã ele na Mawu ƒe Nya la fialawo be woadze agbagba anya nu agbɔsɔsɔme si woasrɔ̃ kple Biblia-nusrɔ̃vi aɖe. Nu agbɔsɔsɔme si woate ŋu asrɔ̃ la anɔ te ɖe nufialaa kple nusrɔ̃via siaa ƒe ŋutete kple nɔnɔmewo dzi.
2 Tu Xɔse Sẽŋu Ðo ɖe Eme: Nusi nusrɔ̃vi aɖewo asrɔ̃ zi ɖeka ko ase egɔme bɔbɔe la, ahiã be woasrɔ̃e kple nusrɔ̃vi bubuwo ya zi eve alo zi etɔ̃ hafi woase egɔme. Ne nusrɔ̃via mele nua gɔme sem tututu o la, mele be míaŋe aɖaba aƒu edzi ahadze agbagba be míawu agbalẽa nu kaba o. Ele be woatu nusrɔ̃vi ɖesiaɖe ƒe dzixɔse yeyea ɖe Mawu ƒe Nya la dzi sesĩe.—Lod. 4:7; Rom. 12:2.
3 Ne mia kple nusrɔ̃via miele nu srɔ̃m kwasiɖa ɖesiaɖe la, zã ɣeyiɣi geɖe alesinu hiã nàtsɔ akpe ɖe eŋu wòase nusi srɔ̃m wòle tso Mawu ƒe Nya la me gɔme eye wòaka ɖe edzi. Mègatsi dzi ɖe nusɔsrɔ̃a wɔwɔ ŋu si awɔe be maɖe vi na nusrɔ̃via bliboe o. Zã ɣeyiɣi sɔgbɔ nàtsɔ ahe nusrɔ̃via ƒe susu ayi nya veviawo dzi eye miadzro ŋɔŋlɔ vevi siwo dzi wotu nufiafiaa ɖo la me.—Tim. II, 3:16, 17.
4 Na Nusɔsrɔ̃a Nazɔ Tẽ: Togbɔ be míedi be míatsi dzi ɖe nusɔsrɔ̃a wɔwɔ ŋu o hã la, ele be míatsri nya bubu siwo meku ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu o hã dede eme. Ne enye numame na nusrɔ̃via be wòaƒo nu tso eya ŋutɔ ƒe nyawo ŋu fũ le nusɔsrɔ̃a wɔɣi la, ɖewohĩ anyo be míawɔ ɖoɖo adzro wo me le nusɔsrɔ̃a megbe.—Nyagb. 3:1.
5 Le go bubu me la, dzi si le mía ŋutɔwo mía dzɔm ɖe nyateƒea ŋu ate ŋu ana wòasesẽ na mí be míatsri nya geɖe gbɔgblɔ le nusɔsrɔ̃a wɔɣi. (Ps. 145:6, 7) Kpɔɖeŋu alo nuteƒekpɔkpɔ ɖeka aɖe dede nusɔsrɔ̃a me ɣeaɖewoɣi ate ŋu aɖe vi na nusrɔ̃via, gake míadi be woasɔ gbɔ alo adidi ale gbegbe be woahe nusrɔ̃via ƒe susu ɖa le Biblia me gɔmedzenufiafiawo ŋuti sidzedze vavãtɔ si xɔm wòle la gbɔ o.
6 Ne míesrɔ̃ nu agbɔsɔsɔme si sɔ ɖe nɔnɔmeawo nu kple Biblia-nusrɔ̃viwo ɣesiaɣi la, míakpe ɖe wo ŋu ‘woazɔ le Yehowa ƒe kekeli me!’—Yes. 2:5.