INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 10/93 axa 1
  • Aƒeme Biblia Nusɔsrɔ̃ Wɔwɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aƒeme Biblia Nusɔsrɔ̃ Wɔwɔ
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale Si Míakpe Ðe Biblia-nusrɔ̃viwo Ŋu Woayi Ŋgɔ Ava Xɔ Nyɔnyrɔ—Akpa Evelia
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2020
  • Kpe Ðe Wò Biblia Nusrɔ̃viwo Ŋu Woava Xɔ Nyɔnyrɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2021
  • Dzra Ðo Nyuie Ðe Nufiafia Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
  • Ale Si Míakpe Ðe Biblia-nusrɔ̃viwo Ŋu Woayi Ŋgɔ Ava Xɔ Nyɔnyrɔ—Akpa Gbãtɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2020
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
km 10/93 axa 1

Aƒeme Biblia Nusɔsrɔ̃ Wɔwɔ

1 Aleke woawɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ si atse ku lae? Kpɔɖeŋu nyui kae le mía si? Aleke woadzro ŋɔŋlɔ siwo le nusɔsrɔ̃a me la mee? Amekae axlẽ memamãwo? Hekpe ɖe alesi míewɔa nusɔsrɔ̃ae xoxo ŋu la, nuka hãe gahiã be woatsɔ akpe ɖe nusrɔ̃via ŋu be wòatsɔ nyateƒea awɔ etɔe? Vodada kawoe wòle be míaƒo asa na?

2 Alesi Wowɔa Nusɔsrɔ̃ae: Ne míagblɔe la, aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ le abe alesi míewɔa Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ ene. Míexlẽa memamã si me míadzro la gbã. Emegbe nusɔsrɔ̃dzikpɔla la biaa nya si wota na memamã ma eye wòɖea mɔ nusrɔ̃via ɖoa eŋu. Ne nusrɔ̃via he ɖe megbe la, ele be nusɔsrɔ̃dzikpɔla la nanɔ klalo abia nya siwo ana nusrɔ̃via nabu tame le nyatia ŋu be wòake ɖe ŋuɖoɖo nyuitɔ ŋu.

3 Dzro alesi ŋɔŋlɔawo sɔ ɖe nya la nu le memamã mee la me. Fia alesi woake ɖe ŋɔŋlɔ siwo me nyawo woŋlɔ ɖe eme ŋu la nusrɔ̃via, eye nàde ŋugble le alesi wòku ɖe nusɔsrɔ̃a ŋui la me kplii. Ne woŋlɔ mawunyakpukpuiawo gake womeŋlɔ emenyawo ɖi o la, anyo be miaʋu teƒeawo le Biblia me ne womedidi akpa o ko. Emegbe na nusrɔ̃via naxlẽe eye wòaɖe alesi wowɔ ɖeka kple nya siwo le memamãa mee la kple alesi woɖe emee la me.

4 Kpe Ðe Nusrɔ̃via Ŋu be Wòatsɔ Nyateƒea Awɔ Etɔe: De dzi ƒo na nusrɔ̃viawo be woadzra ɖo ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu nyuie. Te gbe ɖe edzi be nuxexlẽ le vevie le nusɔsrɔ̃ me. Zi alesi nusrɔ̃via xlẽ nyatia hede ŋugble le eŋu la, zi nenemae wòanyoe wu. Nusɔsrɔ̃dzikpɔla aɖewo naa nusrɔ̃via ɖeɖe xlẽa memamãwo katã le Biblia-nusɔsrɔ̃a me. Ame bubuwo kple nusrɔ̃via ɖɔa li wo nɔewo xlẽa memamãwo. Ele be nàbu nuwo ŋu nyuie eye nusrɔ̃via ƒe ŋgɔyiyi le gbɔgbɔ me nanɔ susu me na wò.

5 Nua sɔsrɔ̃ le agbalẽa me ko gbadzaa wòanye nyabiabia kple ŋuɖoɖo ko alesi woatsɔe awɔ dɔe mekpe ɖe eŋu o la, ate ŋu ana sidzedze nasu nusrɔ̃via si ya gake ɖe wòxɔ nusi srɔ̃m wòle la dzi sea? Hafi wòawɔ nyateƒea eɖokui tɔe la, ele be wòakpɔ alesi nyatia ku ɖe eya ŋutɔ ŋui. Aleke wòsena le eɖokui me le nusi srɔ̃m wòle la ŋu? Aleke wòate ŋu awɔ nusi wòsrɔ̃ la ŋudɔe? Zã nyabiabia siwo ana nusrɔ̃via nagblɔ nusi le eƒe dzime be nàɖo eƒe dzi gbɔ.

6 Ƒo Asa na Vodadawo: Vodadawo li wòle be míaƒo asa na ne míele Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔm. Ne nya siwo meku ɖe nyati si me dzrom miele ŋu o fɔ ɖe te la, anyo be miadzro wo me le nusɔsrɔ̃a ƒe nuwuwu alo ɣebubuɣi. Ele vevie hã be nàna nusrɔ̃via naɖo nya ŋu le eya ŋutɔ ƒe nyagbewo me tsɔ wu be wòaxlẽe tso agbalẽa me. Esia akpe ɖe wò amesi le nusɔsrɔ̃a dzi kpɔm ŋu be nànya ne nusrɔ̃via le nya la me sem.

7 Nukatae màwɔe wò taɖodzinu be nàwɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ ɖeka ya teti o? Manye dɔ sesẽ na wò ne eɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu hewɔ nusɔsrɔ̃a abe alesi míewɔa Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ ene o. Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔe nye mɔ nyuitɔ si dzi míato afia nyateƒea amewo ahawɔ wo nusrɔ̃lawoe. Ne èwɔ esia la, wò hã akpɔ dzidzɔ si tsoa Yesu ƒe sedede si le Mateo 28:19, 20 dzi wɔwɔ me la bliboe.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe