INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 3/05 axa 7
  • Video si me Nyawo Ðea Vi Ɣesiaɣi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Video si me Nyawo Ðea Vi Ɣesiaɣi
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Fia Wò Lɔlɔ̃num Mawɔ”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Nu Si Ta Wòle Be David Nasi
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Yehowa—“Xɔnametɔ” Le Biblia Ŋlɔɣiwo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • “Yehowa Tɔe Nye Aʋa La”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2016
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
km 3/05 axa 7

Video si me Nyawo Ðea Vi Ɣesiaɣi

Nya vevi kae le video si nye David—He Trusted in God? (Dawid—Amesi Ðo Ŋu Ðe Mawu Ŋu) me? Eyae nye be, ele be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu abe Dawid ene. (Ps. 91:2) Nu vevi siwo dzɔ le Dawid ƒe agbe me kpɔkpɔ akpe ɖe ɖeviwo kple tsitsiawo siaa ŋu be woasrɔ̃ kpɔɖeŋu si wòɖo. (Ps. 31:15) Be DVD sia nagaɖe vi geɖe wu na mí la, “Videoa Ŋuti Dodokpɔ” kple “Nusɔsrɔ̃ Dɔdasi” geɖe le edzi.

Kpɔ videoa, eye emegbe nàbia ɖokuiwò be: (1) Nukatae Yehowa tia fia si nyo wu ɖo? (Sam. I, 15:10, 11; 16:1) (2) Nukatae metia Dawid nɔviŋutsu aɖeke o? (Sam. I, 16:6, 7) (3) Nukatae Saul dina be Dawid naƒo saŋku ɖo? (Sam. I, 16:14-23) (4) Amekae nye Goliat? (Sam. I, 17:4-10) (5) Nukatae Dawid di be yewoawɔ aʋa kple Goliat? (Sam. I, 17:23, 24, 36, 37) (6) Amekae nye Yonatan? (Sam. I, 14:1) (7) Nukae na Saul va zu Dawid ƒe futɔ vɔ̃ɖitɔ kekeake? (Sam. I, 18:25-29) (8) Nukatae Dawid mewu Saul o? (Sam. I, 26:7-11) (9) Nukae wɔ Saul wòku? (Sam. I, 31:1-6) (10) Aleke Dawid wɔ nui esi Yonatan ku? (Sam. II, 1:11, 12) (11) Ŋugbe kae Yehowa do na Dawid? (Sam. II, 7:12, 13, 16) (12) Nuvɔ̃ gã kae Dawid wɔ? (Sam. II, 11:1-5, 14-17) (13) Aleke Dawid ɖee fia be yese veve ɖe nusi yewɔ ta? (Ps. 51) (14) Nukawoe Dawid fia Salomo si metsi o la? (Fia. I, 2:1-4; Kron. I, 22:6-13; 28:9, 10) (15) Aleke Yesu ƒe dziɖuɖu aɖe vi na mia kple Dawid kpakple Yonatan?—Yes. 11:6-9; Yoh. 11:25, 26.

Azɔ bu tame le nya sia ŋu: Aleke nàwɔ aɖo ŋu ɖe Mawu ŋu abe Dawid ene?

Dzilawo, mina alesi wòle vevie be míaɖo ŋu ɖe Mawu ŋu abe Dawid ene, natsi mia viwo ƒe susu me ɖikaa.—Ps. 56:12.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe