INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 5/05 axa 5
  • Ƒomea ƒe Ðoɖowɔɖi—Ƒomenusɔsrɔ̃

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ƒomea ƒe Ðoɖowɔɖi—Ƒomenusɔsrɔ̃
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Misrɔ̃ Mawu Ƒe Nya Edziedzi Le Ƒomea Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Ƒomenusɔsrɔ̃ si Hea Dzidzɔ Vɛ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Alesi Ƒomea Awɔ Nu Ðekae Ahakpɔ Gome Bliboe—Le Biblia Nusɔsrɔ̃ Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
  • Ƒomedzikpɔkpɔ ƒe Agbanɔamedzia Tsɔtsɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
km 5/05 axa 5

Ƒomea ƒe Ðoɖowɔɖi—Ƒomenusɔsrɔ̃

1 Nunana gãtɔ kekeake si wò dzila Kristotɔ nàte ŋu ana viwòwoe nye lɔlɔ̃ si le asiwò na Yehowa ƒaƒã ɖe wo me. Nɔnɔme vevi aɖe si me nàte ŋu awɔ esia lee nye “ne èbɔbɔ nɔ aƒewò me” hena Biblia me ƒomenusɔsrɔ̃ wɔwɔ kwasiɖa sia kwasiɖa. (Mose V, 6:5-7) Srɔ̃wò ɖanye xɔsetɔ alo meɖanyee o, alo wò ɖeka koe nye viwòwo ƒe dzila o, àte ŋu akpe ɖe wo ŋu woate ɖe mia kple Yehowa ŋu ne ƒomenusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖowɔɖi aɖe koŋ le mia si.

2 Alesi Miadze Egɔmee: Afɔ gbãtɔ si miaɖee nye be miana wòanye numame na mi be ƒomea nasrɔ̃ nu ɖekae. Ne mienya ɣeyiɣi si asɔ na nusɔsrɔ̃a wɔwɔ o la, ɖe manyo be ƒome bliboa nadzro eme oa? (Lod. 15:22) Ne mia viwo metsi o la, ekema ɖewohĩ miadi be yewoawɔ nusɔsrɔ̃a zi geɖe le kwasiɖaa me gake wòanɔ kpuie ko. Kpɔe ɖa be ekae asɔ wu na aƒea me tɔwo hã. Miŋlɔ ɣeyiɣi si koŋ dzi miawɔ nusɔsrɔ̃a la ɖe miaƒe ƒomea ƒe ɖoɖowɔɖia dzi, eye miɖoe kplikpaa azɔ ɖe edzi.

3 Nukae miasrɔ̃? Ƒome aɖewo dzrana nusi woava srɔ̃ le Hame ƒe Agbalẽ me Nusrɔ̃ƒe alo Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ ɖo. Bubuwo hã srɔ̃a nusiwo koŋ ku ɖe sɔhɛwo alo ɖeviwo ŋu. Vifofo aɖe si si ŋutsuvi kple nyɔnuvi le gblɔ be: “Nane si nana nusɔsrɔ̃a vivina ɖeviawo nu le kwasiɖaa mee nye be míegbugbɔna wɔa nusi míesrɔ̃ le Nye Agbalẽ si Nye Biblia-Ŋutinyawo me la ƒe wɔwɔfiawo. Dɔ si wòwɔna ɖe wo dzi kple alesi wònana wogava sea ŋutinyaa gɔme nyuie wu la le vevie wu be míasrɔ̃ memama gbogbo aɖewo.”

4 Misrɔ̃ Nua Kwasiɖa sia Kwasiɖa: Ele be mianɔ ƒomenusɔsrɔ̃a wɔm edziedzi eye ele be ƒomea me tɔ ɖesiaɖe natsɔ dzidzɔ anɔ mɔ kpɔm nɛ. Ðewohĩ ahiã be miatrɔ ŋkeke kple gamea le nɔnɔme aɖe si ava do mo ɖa kpata ta. Ate ŋu ahiã ɣeaɖewoɣi hã be miawɔ asitɔtrɔ le nusi me dzrom miele ŋu. Gake mele be asitɔtrɔ siwo hiã la dometɔ aɖeke nana miatrɔ ɖa tso ƒomenusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖowɔɖi si koŋ miewɔ le ƒomea me la ŋu o. Nusi vifofo aɖe wɔnae nye be ne ehiã be woatrɔ nusɔsrɔ̃a ƒe game la, eŋlɔnɛ klãna ɖe afisi wònya be ƒomea me tɔ ɖesiaɖe akpɔe axlẽ le godoo la ale be wo dometɔ ɖesiaɖe nanya ɣeyiɣi si woawɔ nusɔsrɔ̃a. Agbagba siwo miedzena be yewoawɔ ƒomenusɔsrɔ̃a edziedzi la dze na kafukafu ŋutɔ! Ne mieyi edzi le mia viwo hem “le Aƒetɔ la ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ la me” la, ekema miele eɖem fia be mielɔ̃ wo kple mia Fofo si le dziƒo la siaa.—Ef. 6:4.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe