Alesi Ƒomea Awɔ Nu Ðekae Ahakpɔ Gome Bliboe—Le Biblia Nusɔsrɔ̃ Me
1 Nyateƒea naa gɔmesese vavãtɔ kple tameɖoɖo nɔa ƒomegbenɔnɔ me, gake dzidzedzekpɔkpɔ le Yehowa subɔsubɔ me mevana le eɖokui si agbagbamadzemadzee o. Ebia ɣeyiɣi kple agbagbadzedze be woatu ƒome ɖo wòasẽ ŋu le gbɔgbɔ me. Ehiã vevie be ƒomea me tɔwo nawɔ nu aduadu hena esia wɔwɔ. Nyati vovovo etɔ̃ siwo gbɔna ƒe akpa gbãtɔ sia ahe susu ayi alesi ƒomewo ate ŋu awɔ nu ɖekae le nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo nyui ŋudɔwɔwɔ me dzi.
2 To Biblia la Xexlẽ Gbesiagbe Me: Lododowo 24:5 gblɔ be ‘ŋutsu si si sidzedze su ɖea ŋusẽ fiana.’ Sidzedze si su ame si to Mawu ƒe Nya la xexlẽ edziedzi me naa ŋusẽ si wòhiã le ememe be wòatsɔ atsi Satana ƒe ame dzi dzedze le gbɔgbɔ me nu la ɖoa ame ŋu. (Ps. 1:1, 2) Ðe miexlẽa Biblia ɖekae gbesiagbe le miaƒe ƒomea mea? Wode kwasiɖa ɖesiaɖe le ƒea me ƒe “Biblia Xexlẽ ƒe Ðoɖowɔɖi Bubu” Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Ðoɖowɔɖia me. Aɖabaƒoƒo ewo pɛ ko wòbia gbesiagbe tso ƒomea si be woazɔ ɖe edzi. Mitia ɣeyiɣi si sɔ, abe le ŋdinuɖuɣi, le fiẽnuɖuɖu vɔ megbe, alo do ŋgɔ na anyimɔmlɔ ene atsɔ axlẽ Biblia ahadzro ŋkekea ƒe mawunyakpukpuia me le Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbesiagbe me. Mina nusia nazu miaƒe ƒomea ƒe gbesiagbenuwɔna.
3 To Nusɔsrɔ̃ Ðekae Kwasiɖa sia Kwasiɖa Me: Ele be ƒome Biblia nusɔsrɔ̃a nanye nu vevitɔ na ƒomea le kwasiɖaa me. Ele be ƒomea me tɔ ɖesiaɖe nakpe asi ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu to didi vevie be yeakpɔ gome le eme la me. Anyo be ƒomea ƒe ta nade ŋugble le ƒomea ƒe nuhiahiãwo ŋu ne ele nusɔsrɔ̃nyatia, ŋkekea, gamea, kple ɣeyiɣi didi si nusɔsrɔ̃a axɔ la tiam. Miɖo ƒome nusɔsrɔ̃a nɔƒe gbãtɔ le kwasiɖaa ƒe ɖoɖowɔɖi me. Migaɖe mɔ nusiwo mehiã boo o naxe mɔ nɛ o.—Fil. 1:10, 11.
4 Vifofo aɖe si woƒoa ka na edziedzi le eƒeme tso dɔwɔnyawo ŋu ɖea telefon la le edzi le woƒe ƒomea ƒe nusrɔ̃ɣi. Ne asisiwo va aƒea me la, wokpea wo be woanɔ anyi akpɔ gome le nusɔsrɔ̃a me alo woalala vaseɖe esime wowu enu. Vifofo ma ɖoe kplikpaa be naneke magblẽ ƒomenusɔsrɔ̃a me o. Esia wɔ dɔ ɖe viawo dzi ale gbegbe. Eye eƒe dɔa kpɔ dzidzedze.
5 Dzidzɔ ka gbegbe nye esi wònyena ne ƒomea me tɔwo wɔ nu ɖekae le gbɔgbɔmedɔwo wɔwɔ me! Nuteƒewɔwɔ le míaƒe agbagbadzedzewo be míakpɔ gome le ƒome Biblia sɔsrɔ̃ me bliboe ahe Yehowa ƒe yayra vɛ.—Ps. 1:3.