Tu Ðetsɔleme Ðo to Magazine ƒe Ademɔ Dzi
1. Aleke míate ŋu azã magazine ƒe ademɔ atu ɖetsɔleme ɖoe?
1 Ame geɖe siwo míedoa goe le gbeadzi la kpɔa dzidzɔ ɖe míaƒe sasrãkpɔwo ŋu eye woxɔa míaƒe agbalẽwo gake womelɔ̃na be woawɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ kpli yewo o. Mɔ ɖeka si dzi míato atu woƒe ɖetsɔleme ɖoe nye magazine ƒe ademɔ. Ne ètsɔ magazine na ame aɖe la, ŋlɔ amea ƒe ŋkɔ kple adrɛs, ŋkeke si dzi nèyi egbɔ, magazine ƒe tata siwo wòxɔ, kple mawunyakpukpui si me miedzro, kpakple nu ɖesiaɖe si nède dzesii be edo dzidzɔ na amea da ɖi. Ne magazine ƒe tata yeyewo va la, di nyati aɖe si ado dzidzɔ na amesiwo le wò magazine ƒe ademɔa dzi, eye nàtsɔe afia wo ne ètrɔ yi. (Kor. I, 9:19-23) Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, agbalẽ siwo xlẽm wole me nya aɖe anyɔ woƒe ɖetsɔleme eye woadi be yeawoasrɔ̃ nu geɖe tso eŋu.
2. Nukatae wòhiã kpata be amewo nadi Yehowa fifia, eye nukae míate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe wo ŋu geɖe wu?
2 Ke hã, míenyae be ame akpa gãtɔ mate ŋu ava zu Yehowa subɔlawo to magazineawo xexlẽ dzi le wo ɖokui si ko o. Esi wòhiã kpata be amewo nadi Yehowa fifia ta la, nukae míate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe wo ŋu geɖe wu? (Zef. 2:2, 3; Nyaɖ. 14:6, 7) Míate ŋu atu woƒe ɖetsɔleme ɖo to mawunyakpukpui aɖe si míeɖo koŋ tia, me dzodzro kpli wo dzi, ɣesiaɣi si míetsɔ magazine bubuwo yi na wo.
3. (a) Aleke míate ŋu adzra ɖo ɖe mawunyakpukpui ɖeka ƒe numedzodzro ŋu tsiã ɖe enui? (b) Nukawo ŋue amewo tsia dzi ɖo wu le miaƒe anyigbamama me?
3 Mawunyakpukpui Ðeka ƒe Numedzodzro: De ŋugble tso amesiwo le wò magazine ƒe ademɔa dzi ŋu, eye nàdzra mawunyakpukpui ɖeka ƒe numedzodzro vovovowo ɖo ɖe amesiame ƒe nuhiahiãwo nu. (Fil. 2:4) Le kpɔɖeŋu me, ne ame aɖe ƒe ame vevi aɖe ku eteƒe medidi o la, àte ŋu adzro nusi Biblia gblɔ tso nɔnɔme si me ame kukuwo le ŋu, kpakple tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa me kplii le sasrãkpɔ geɖe me. Nyatakaka siwo le Reasoning-gbalẽa me le “Ku” kple “Tsitretsitsi” ŋu ate ŋu akpe ɖe ŋuwò ne èle mawunyakpukpui ɖeka ƒe numedzodzro sia ƒe dzadzraɖo wɔm. Dzeɖoɖo bubuwo, abe alesi wogbɔna dɔléle, amegãkuku, kple ku ɖe ge ɖae ene, akplɔe ɖo bɔbɔe ne ɣeyiɣiawo va le yiyim. Nu vevitɔe nye be nàtia nyati si ado dzidzɔ na amea eye vivivi la, nàfiae nusi Biblia gblɔ tso eŋu.
4. Nukatae wòle vevie be ne míezã Ŋɔŋlɔawo la, míaɖe eme, eye aleke míate ŋu awɔe?
4 Na Woase Egɔme: Togbɔ be anyo wu be dzeɖoɖo mawo nanɔ bɔbɔe ahanɔ kpuie hã la, ehiã nu geɖe wu be nàxlẽ mawunyakpukpui si nètia la ko evɔ. Satana gbã ŋku na amewo ƒe susu be womagakpɔ nyanyui la adze sii o. (Kor. II, 4:3, 4) Amesiwo nya nu tso Biblia ŋu kura gɔ̃ hã hiã kpekpeɖeŋu hafi woase egɔme. (Dɔw. 8:30, 31) Eyata gbɔ dzi ɖi nàɖe mawunyakpukpuia me eye nàwɔ kpɔɖeŋu atsɔ ɖe emee, abe alesi nàwɔ ne èxɔ dɔ le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua mee ene. (Dɔw. 17:3) Kpɔ egbɔ be amea se alesi Mawu ƒe Nyaa aɖe vi na eya ŋutɔ gɔme.
5. Aleke sasrãkpɔ siwo nèwɔna toa magazine ƒe ademɔ dzi ate ŋu ava zu Biblia-nusɔsrɔ̃e?
5 Ne amea le dzidzɔ kpɔm ɖe nusi srɔ̃m wòle ŋu la, ekema didi dzeɖoɖoa ɖe enu vivivi to mawunyakpukpui eve alo etɔ̃ xexlẽ le sasrãkpɔ ɖesiaɖe me dzi. Di mɔnukpɔkpɔ be nàdze Nusi Mawu Di gbalẽ gbadza alo Sidzedze-gbalẽa sɔsrɔ̃ gɔme kplii. To mɔ sia dzi la, sasrãkpɔ siwo nèwɔna toa magazine ƒe ademɔ dzi ate ŋu ava zu Biblia-nusɔsrɔ̃ mlɔeba.