Subɔsubɔ ƒe Mɔnukpɔkpɔ Nyui Aɖe
1 Ame aɖe si xlẽa Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! la gblɔ be yesrɔ̃ nu geɖe siwo ŋu asixɔxɔ ŋutɔŋutɔ le tso wo xexlẽ me wu nusi yesrɔ̃ le yunivɛsitidede ƒe ade me. Enye nusi dzɔna zi geɖe be nuxlẽla anukwaretɔwo gblɔa ŋudzedzekpɔkpɔ ƒe nya dodzidzɔname mawo tɔgbe le magazine siawo xexlẽ ɣeyiɣi kpui aɖe ko megbe. Mɔnukpɔkpɔ ka gbegbee nye si wònye na mí be míanɔ míaƒe magazineawo tsɔm na amesiwo dea asixɔxɔ wo ŋu ŋutɔŋutɔ la edziedzi!
2 Togbɔ be ame geɖe tsɔ ɖe le nyateƒea me vaseɖe afi aɖe hã la, womewɔ ŋgɔyiyi lɔ̃ ɖe edzi be woawɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ kpli yewo o. Gake ɖewohĩ woƒe ɖetsɔlemea adzi ɖe edzi ne ame aɖe tsɔa Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ƒe tata yeye ɖesiaɖe yina na wo edziedzi. Ẽ, magazineawo tsɔtsɔ ayi anukwaretɔe le magazine ƒe ademɔ dzi la na kpekpeɖeŋu be wote ŋu ʋã amewo mlɔeba be wolɔ̃ be woawɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ kpli yewo edziedzi.
3 Mía ŋutɔwo míekpɔa viɖe tso magazine ƒe ademɔ si anɔ mía si la me ne míexlẽa magazineawo gbã hedea dzesi nya aɖewo koŋ siwo adzɔ dzi na amesiwo le míaƒe ademɔa dzi la dometɔ ɖesiaɖe la.
4 Ðo ŋku edzi be ame aɖewo zu Yehowa Ðasefowo fifia le esi wonɔ magazine ƒe ademɔ dzi tsã ta. Àte ŋu aɖe eme be nyati ɖedzesiwo dzena le míaƒe magazinewo me kwasiɖa eve ɖesiaɖe eye adzɔ dzi na ye be yeanɔ wo tsɔm vɛ nɛ. Kpɔ egbɔ be nànɔ yiyim edziedzi ahawɔ mɔnukpɔkpɔ siwo asu asiwò be nàɖo dze kple aƒemenɔlaa le Biblia me nyatiwo ŋu la ŋudɔ. Míenya be subɔsubɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ nyui sia ado dzidzɔ na mi.