Gbeƒãɖeɖedɔa Kpena Ðe Mía Ŋu Míedoa Dzi
1 Mawu ƒe Nya la xlɔ̃ nu mí be “míatsɔ dzidodo anɔ dudimekeke, si woɖo na mí la dzi.” (Heb.12:1) Abe alesi dudimekela hiã dzidodo be wòawu eƒe dudimekeke nu dzidzedzetɔe ene la, nenema kee dzidodo hiã mí, be míaƒe asi nasu agbe mavɔ dzi. (Heb. 10:36) Aleke Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa akpe ɖe mía ŋu míado dzi nuteƒewɔwɔtɔe vaseɖe nuwuwu?—Mat. 24:13.
2 Edoa Ŋusẽ Mí le Gbɔgbɔ Me: Gbeƒãɖeɖe tso ŋugbedodo lédziname siwo le Biblia me ku ɖe xexeme yeye si me dzɔdzɔenyenye anɔ ŋu la kpena ɖe mía ŋu míeléa mɔkpɔkpɔ si le mía si la me ɖe asi sesĩe. (Tes. I, 5:8) Ne míekpɔa gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me edziedzi la, mɔnukpɔkpɔ ʋuna ɖi na mí be míaƒo nu tso nyateƒe si míesrɔ̃ tso Biblia me ŋu. Mɔnukpɔkpɔ sua mía si be míaʋli míaƒe xɔse ta, eye esia doa ŋusẽ mí le gbɔgbɔ me.
3 Edze be mía ŋutɔwo míase Biblia me nyateƒeawo gɔme nyuie bene míate ŋu afia amewo nyuie. Ehiã be míawɔ numekuku ahade ŋugble le nusi srɔ̃m míele ŋu nyuie. Agbagbadzedze vevie alea nana míaƒe sidzedze gadea to ɖe edzi, míaƒe xɔse gasẽa ŋu ɖe edzi, eye míaƒe gbɔgbɔmenyenye ganyona ɖe edzi. (Lod. 2:3-5) Eyata ne míedzea agbagba be míakpe ɖe amewo ŋu la, míedoa ŋusẽ mía ɖokuiwo hã.—Tim. I, 4:15, 16.
4 Gomekpɔkpɔ le subɔsubɔdɔa me dzonɔamemetɔe nye “Mawu ƒe aʋawɔnu blibo la katã” ƒe akpa vevi aɖe si hiã mí be míatsɔ anɔ te sesĩe ɖe Abosam kple gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋu. (Ef. 6:10-13, 15) Veviedodonu le míaƒe subɔsubɔ kɔkɔea me kpena ɖe mía ŋu be míaƒe susu nɔa nu tuameɖowo dzi eye míeƒoa asa na Satana ƒe xexea ƒe ŋusẽkpɔɖeamedziwo. (Kol. 3:2) Ne míele Yehowa ƒe mɔ fiam amewo la, míeyia edzi nɔa ŋku ɖom edzi na mía ɖokuiwo be ehiã be mía ŋutɔwo hã míalé agbenyuinɔnɔ me ɖe asi.—Pet. I, 2:12.
5 Mawu Doa Ŋusẽ Mí: Mlɔeba la, míesrɔ̃a ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu to gomekpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me dzi. (Kor. II, 4:1, 7) Yayra ka gbegbee nye esia! Menye ɖe ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu kpena ɖe mía ŋu le míaƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me ko o ke ekpena ɖe mía ŋu hã be míado dzi le nɔnɔme ɖesiaɖe si ava mía dzi le agbe me la me. (Fil. 4:11-13) Le nyateƒe me la, ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu bliboe sɔsrɔ̃ enye nu vevi aɖe si akpe ɖe mía ŋu míado dzi. (Ps. 55:22) Le mɔ geɖe ŋu la, gbeƒãɖeɖedɔa kpena ɖe mía ŋu míedoa dzi.