INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 4/09 axa 1
  • Gbeƒãɖeɖe Doa Ŋusẽ Mí Le Gbɔgbɔ Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Gbeƒãɖeɖe Doa Ŋusẽ Mí Le Gbɔgbɔ Me
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Nèle Wò Subɔsubɔdɔ La Wɔm Bliboea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2019
  • Yehowa Ado Ŋusẽ Wò
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2021
  • Gbeƒãɖeɖedɔa Kpena Ðe Mía Ŋu Míedoa Dzi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Aleke Nàwɔ Ado Dzi Le Subɔsubɔdɔa Me?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
km 4/09 axa 1

Gbeƒãɖeɖe Doa Ŋusẽ Mí Le Gbɔgbɔ Me

1. Aleke gbeƒãɖeɖedɔa ɖea vi na míi?

1 Gomekpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me edziedzi ate ŋu ado ŋusẽ mí le gbɔgbɔ me eye wòana míakpɔ dzidzɔ geɖe wu. Gake gbã la, ɖe míekpɔa gome le subɔsubɔdɔa me be míadze Yehowa ŋu. Ke hã, wɔwɔ ɖe sedede si nye “ɖe gbeƒã nya la” dzi nana Yehowa yraa mí, eye eɖea vi na mí le mɔ geɖewo hã nu. (2 Tim. 4:2; Yes. 48:17, 18) Ke aleke gbeƒãɖeɖedɔa ate ŋu ado ŋusẽ mí eye wòana míakpɔ dzidzɔ geɖe wu?

2. Mɔ kawo nue gbeƒãɖeɖedɔa doa ŋusẽ mí le?

2 Edoa Ŋusẽ Mí Eye Wònaa Míekpɔa Yayrawo Hã: Gbeƒãɖeɖedɔa kpena ɖe mía ŋu be míaƒe susu nɔa Fiaɖuƒea ƒe yayrawo dzi tsɔ wu be míanɔ míaƒe kuxiwo ŋu bum. (2 Kor. 4:18) Biblia ƒe nufiafiawo me ɖeɖe na amewo doa ŋusẽ míaƒe xɔse ku ɖe Yehowa ƒe ŋugbedodowo ŋu, eye wònaa míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nyateƒea ŋu dea to ɖe edzi. (Yes. 65:13, 14) Ne míele kpekpem ɖe amewo ŋu be woawɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi be woaganye “xexea ƒe akpa aɖeke o” la, míedoa ŋusẽ mía ŋutɔwo míaƒe tameɖoɖo kplikpaa be míanye xexea ƒe akpa aɖeke o.—Yoh. 17:14, 16; Rom. 12:2.

3. Aleke míaƒe subɔsubɔdɔa kpena ɖe mía ŋu míetua Kristotɔwo ƒe nɔnɔme nyuiwo ɖoe?

3 Gomekpɔkpɔ le subɔsubɔdɔa me kpena ɖe mía ŋu míetua Kristotɔwo ƒe nɔnɔme nyuiwo ɖo. Le kpɔɖeŋu me, míaƒe kutrikuku be ‘míazu nuwo katã na ame ƒomeviwo katã’ kpena ɖe mía ŋu míetua ɖokuibɔbɔ ɖo geɖe wu. (1 Kor. 9:19-23) Ne míele ɖase ɖim na ame siwo ‘wowɔ fu, siwo woka hlẽ abe alẽ siwo nu kplɔla aɖeke mele o ene’ la, enana míesrɔ̃a dɔmetɔtrɔ kple veveseseɖeamenu. (Mat. 9:36) Míesrɔ̃a dzidodo ne míeyia subɔsubɔdɔa dzi veviedodotɔe togbɔ be amewo metsɔa ɖeke le eme o alo tsia tsitre ɖe mía ŋu gɔ̃ hã. Míekpɔa dzidzɔ geɖe wu ne míetsɔ mía ɖokuiwo ɖo anyi hele kpekpem ɖe ame bubuwo ŋu.—Dɔw. 20:35.

4. Aleke nèsena le ɖokuiwò me ku ɖe wò subɔsubɔdɔa ŋu?

4 Yayra ka gbegbee nye esi be subɔsubɔdɔ si nana míetsɔa kafukafu naa Ame Si ko dze na míaƒe tadedeagu la le mía si! Subɔsubɔdɔa doa ŋusẽ mí. Enaa yayra gbagowo sua ame siwo ƒo wo ɖokuiwo ɖe ‘ɖaseɖiɖi tso nya nyuia ŋu tsitotsito’ me bliboe la si.—Dɔw. 20:24.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe