INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 8/05 axa 4
  • Àdi be Yeazã Amekpegbalẽviwoa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Àdi be Yeazã Amekpegbalẽviwoa?
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Amewo Kpekpe Le Xexeame Katã Hena “Ðeɖekpɔkpɔ Gogo!” Nutome Gã Takpekpeawo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Míawɔ Ðeka Akpe Amewo Le Xexea Me Godoo Hena “Dze Kristo La Yome!” Nutome Gã Takpekpea
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
  • Kpe Asi Ðe Miaƒe Hamea ƒe Dutoƒo Kpekpe ƒe Ðoɖowo Ŋu Bliboe
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
km 8/05 axa 4

Àdi be Yeazã Amekpegbalẽviwoa?

Gbeɖeka ŋutsuvi ƒe 11 vi aɖe fɔ amekpegbalẽvi aɖe si nɔ amewo kpem be woava se dutoƒonuƒo aɖe si ku ɖe dzomavɔ ŋu. Ŋutsuvia gblɔ emegbe be: “Medi vevie be mase nuƒo ma, elabena ewɔna nam abe nu gbegblẽwo koe mewɔna ɣesiaɣi ene, eyata menɔ vɔvɔ̃m ŋutɔ na dzomavɔ me yiyi ne meku.” Eyi va se nuƒoa, eye abe ƒe ɖeka ene megbe la, exɔ nyɔnyrɔ esi wosrɔ̃ Biblia kplii ɣeyiɣi aɖe megbe. Nenemae Karl Klein, amesi va zu Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha me tɔ emegbe, dze eƒe Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔ si wòwɔ ƒe geɖe la gɔmee. Amekpegbalẽvi dzie wòto.

Amekpegbalẽviwo gakpɔtɔ nye dɔwɔnu nyuiwo egbea le xexea ƒe akpa geɖe. Enye dzidzɔ na mí be míate ŋu adze ezazã gɔme azɔ le Ghana. Gbeƒãɖela geɖe akpɔe be amekpegbalẽvi zazã nye mɔ si dzi wotona ɖea amesi wonye la fiana hedzea dzeɖoɖo gɔme bɔbɔe. Dzilawo ate ŋu ana wo vi suewo nakpɔ gome le amekpegbalẽviwo nana le ʋɔtru nu me le gbeadzi. Gbeƒãɖela siwo ɖia ɖase to lɛtaŋɔŋlɔ na amewo dzi ate ŋu atsɔ amekpegbalẽvi si ƒo ŋu tso kpekpeawo ŋu la ade lɛtaa me. Le nyateƒe me la, amekpegbalẽviwo anye dɔwɔnu siwo sɔ nyuie na Biblia nusrɔ̃viwo kple ɖetsɔlemetɔwo kpekpe va míaƒe kpekpewo.

Woƒo nu tso hamea ƒe kpekpe vovoawo ŋu le amekpegbalẽvia dzi. Esi wònye Fiaɖuƒe Akpataa ƒe adrɛs kple kpekpeawo deɣiwo mele amekpegbalẽvia dzi o ta la, ahiã be wò ŋutɔ nàŋlɔe ɖe edzi ne èle enam. Wogblẽ teƒe ƒuƒluwo ɖi be nàte ŋu aŋlɔ esiawo ɖe edzi. Àdi be yeazã amekpegbalẽviwo nyuie le wò subɔsubɔdɔa mea?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe