INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 8/05 axa 4
  • Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Numetoto

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Numetoto
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
km 8/05 axa 4

Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Numetoto

Woadzro biabia siwo gbɔna me eye woagblɔ ŋuɖoɖoawo tẽ le August 29, 2005, ƒe kwasiɖaa ƒe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me. Sukudzikpɔlaa akpɔ miniti 30 ƒe numetoto si wotu ɖe July 4 vaseɖe August 29, 2005, ƒe dɔdasiwo dzi la dzi. [Mide Dzesii: Le biabia siwo yome womefia asi nyawo tsoƒe o la, ahiã be wò ŋutɔ nàwɔ wò numekuku be nàke ɖe ŋuɖoɖoawo ŋu.—Kpɔ Subɔsubɔ Suku gbalẽa, axa 36-7.]

NUƑOƑO ƑE NUDIDIWO

1. Ne míele nu ƒom tso míaƒe mɔkpɔkpɔ ŋu na amewo la, aleke míate ŋu ana míaƒe ‘nugɔmesesename nadze na amewo katã’ eye nukata esia le vevie? (Fil. 4:5, NW; Yak. 3:17) [be-EW axa 251 mm. 1-3, kple aɖaka]

2. Aleke ɣeyiɣi si me wòle be míalɔ̃ faa ɖe nya aɖewo dzi la nyanya akpe ɖe mía ŋu be míawɔ nu kple amewo dzidzedzetɔe? [be-EW axa 253 mm. 1-2]

3. Nukatae nyabiasewo ŋudɔ wɔwɔ nyuie le vevie ne míele kpekpem ɖe amewo ŋu be woade ŋugble le nya aɖe ŋu? [be-EW axa 253 mm. 3-4]

4. Nukawo ŋue wòle be míabu bene míaƒe ɖaseɖinya naʋã ame? [be-EW axa 255 mm. 1-4, kple aɖaka; axa 256 mm. 1, kple aɖaka]

5. Nukae wòle be wòanɔ susu me na mí ne míeɖoe be míazã kpeɖodzinya siwo metso Biblia me o atsɔ aɖo kpe alesi susu le Ŋɔŋlɔawo ƒe nyawo me dzi? [be-EW axa 256 mm. 3-5, kple aɖaka]

DƆDASI GBÃTƆ

6. Yesu ƒe anyigbadzinɔnɔ ŋuti kpeɖodzi si me kɔ ƒã kae li? [w03-EW 6/15 axa 4-7]

7. Aleke ‘dzi me dzɔdzɔetɔwo ƒe nu ɖea woe,’ eye aleke ame dzɔdzɔewo ƒe ‘aƒewo nɔa anyi ɖae’? (Lod. 12:6, 7) [w03-EW 1/15 axa 30 mm. 1-3]

8. Esi Biblia menye agbalẽ aɖe si woŋlɔ be wòana ame nanya nusiwo wòawɔ kple esiwo mawɔ o ƒe se kpaɖiwo ko o ta la, aleke míawɔ ‘anya nusi nye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu’? (Ef. 5:17) [w03-EW 12/1 axa 21 mm. 3–axa 22 mm. 3]

9. Biblia ƒe gɔmeɖose kawo ŋudɔ wɔwɔe ate ŋu akpe ɖe ame ŋu be wòanɔ te ɖe hiãkame alo ganyawo ƒe sesẽ nu? [w03-EW 8/1 axa 5 mm. 2-5]

10. Aleke wòle be nunana faa ƒe kpɔɖeŋu si Yehowa ɖo la nakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzii? (Mat. 10:8) [w03-EW 8/1 axa 20-2]

KWASIÐA SIA KWASIÐA ƑE BIBLIA XEXLẼ

11. Nukae ŋkɔ siwo wona sɔti eve siwo nɔ gbedoxɔ si Salomo tu ƒe xɔxɔnu be Yaxin kple Boas la tsi tre ɖi na? (Fia. I, 7:15-22)

12. Ðe dugã 20 siwo nɔ Galilea-nyigba dzi si Salomo tsɔ na Tiro-fia Xiram wɔ ɖeka kple Mose ƒe Sea? (Fia. I, 9:10-13)

13. Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso “Mawu ƒe ame” aɖe ƒe tomaɖomaɖo me? (Fia. I, 13:1-25)

14. Mɔ ka nue Yuda-fia Asa ɖe eƒe dzinɔameƒo fia le, eye nukae míate ŋu asrɔ̃ tso eƒe kpɔɖeŋua me? (Fia. I, 15:11-13)

15. Aleke nusi dzɔ le Fia Axab kple Nabot dome la ɖe afɔku si le ame ƒe nu si awɔ nublanui na eɖokui me fiae? (Fia. I, 21:1-16)

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe