INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 9/07 axa 1
  • Lɛta Si Alɔdzedɔwɔƒea

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Lɛta Si Alɔdzedɔwɔƒea
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dɔ Kawoe Wowɔna Le Alɔdzedɔwɔƒewo
    Ame Kawoe Le Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Egbea?
  • Lɛta Si Alɔdzedɔwɔƒea
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Mɔ Siwo Dzi Nàto Akeke Wò Subɔsubɔdɔa Ðe Enu
    Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ
  • Gbãtɔ Si Woɖo Ƒe Alafa Ðeka Enye Si Va Yi
    Nyɔ!—2001
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
km 9/07 axa 1

Lɛta Si Alɔdzedɔwɔƒea

Fiaɖuƒe Gbeƒãɖela Lɔlɔ̃tɔwo:

Edzɔ dzi na mí ŋutɔ be míekpɔe be míewɔ ŋgɔyiyi geɖe le ƒe 2007 subɔsubɔƒea me le Ghana! Míewɔ dɔ vevie le April me si wɔe be míeɖo gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔ kekeake si nye 83,293, kpekpeɖeŋu mɔɖela 9,109 kple aƒe me Biblia nusɔsrɔ̃ 218,180 gbɔ le ɣleti ma me. Ŋkuɖodzia vala 284,245 hã nye agbɔsɔsɔ gbogbotɔ si ɖe dzesi.

Wowu Subɔsubɔdɔ ƒe Hehenasuku ƒe klass etɔ̃ nu le subɔsubɔƒea me, eye sukua delawo tso Benin, Côte d’Ivoire, Ghana, Liberia, Sierra Leone, kple Togo. Ðikeke mele eme o be nɔviŋutsu siawo le ŋusẽ nyui kpɔm ɖe amewo dzi le teƒe siwo wole subɔsubɔm le. Míele dzi dem ƒo na nɔviŋutsu sɔhɛwo katã be woana teokrasi hehenana suku ƒe mɔnukpɔkpɔ sia, si nye esi ƒo dɔ ɖe sia ɖe si xexea ate ŋu ana la ta, naɖe vi na wo. (Yes. 48:17; Kor. I, 1:19-21) Míekpɔa ŋudzedze ɖe lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔ siwo mieyi edzi le nanam be woatsɔ akpe asi ɖe xexea me katã ƒe dɔa ŋu, si hã wotsɔna kpea asi ɖe suku sia si wowɔna le Ghana ŋu la, ŋu ŋutɔ.

Gbeƒãɖelawo, tsitsiawo kple ɖeviwo siaa tsɔ dzidzɔ kpɔ gome le Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 37 lia si ƒe tanyae nye, “Ɣeyiɣi si me Woaɖe Alakpasubɔsubɔhawo Ða la Ðo Vɔ!” la mama me, eye míema eƒe tata si ade miliɔn etɔ̃ kloe le Ghana. Taɖodzinu si le agbalẽmama siawo ŋue nye be míakpe ɖe dzi anukwaretɔwo ŋu be woasrɔ̃ nu si tututu Biblia fia. (Mat. 28:19, 20) Ne èle gbeƒã ɖem la, ɖo ŋku edzi nàwɔ nuŋlɔɖi ku ɖe ame siwo ɖe ɖetsɔleme fia la ŋu, eye nàgbugbɔ atrɔ ayi wo gbɔ kple taɖodzinu be yeadze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme. Enye dzidzɔ na mí be míele dɔ wɔm kpli mi ɖekae le dɔ vevi sia me, eye míeɖo míaƒe Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ gbedonamewo ɖe mi.

Mia nɔviwo,

Ghana Alɔdzedɔwɔƒea

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe