INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 9/05 axa 7
  • Miyi Edzi Mianɔ Ŋusẽ Dom Mia Nɔewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Miyi Edzi Mianɔ Ŋusẽ Dom Mia Nɔewo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Minyo Dɔme eye Mina Nu Ame
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Mina Míatu Mía Nɔewo Ðo Le Gbeadzi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
  • Minɔ “Mia Nɔewo Tum Ðo”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
  • Dzeɖoɖo Tso Gbɔgbɔmenuwo Ŋu Tua Ame ɖo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
km 9/05 axa 7

Miyi Edzi Mianɔ Ŋusẽ Dom Mia Nɔewo

1 Apostolo Paulo wɔ eƒe ŋutete ɖesiaɖe be yeado ŋusẽ haxɔsetɔwo. (Dɔw. 14:19-22) Nenema kee míawo hã míetsɔa ɖe le eme na mía nɔvi siwo le nɔnɔme sesẽwo me tom, eye míedina be míakpe ɖe wo ŋu. Biblia ɖee fia be ele be mí katã míatsɔ ɖe le mía nɔewo ƒe nyonyo me, ke menye hamemegãwo ɖeɖe ƒe agbae o. (Rom. 15:1, 2) Bu mɔ eve siwo dzi míate ŋu ato awɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo si gblɔ be, “Mifa akɔ na mia nɔewo, eye mido ŋusẽ mia nɔewo,” dzi ŋu kpɔ.—Tes. I, 5:11.

2 De Dzesi Amewo ƒe Nuhiahiãwo: Mawu ƒe Nya la ƒo nu tso Tabita ŋu be ‘eyɔ fũ kple dɔ nyui wɔwɔ kple dɔmenyonunanawo.’ (Dɔw. 9:36, 39) Nɔvinyɔnu sia de dzesi amesiwo ɖo hiahiã me eye wòwɔ eƒe ŋutete ɖesiaɖe hekpe ɖe wo ŋu. Kpɔɖeŋu nyui kae nye esi wòɖo ɖi na mí! Ðewohĩ àkpɔe be ame tsitsi aɖe hiã na kpekpeɖeŋu be wòate ŋu ade kpekpeawo. Ate ŋu anɔ eme hã be mɔɖela aɖe mekpɔ amesi awɔ dɔ kplii le gbeadzi le kwasiɖaa dome ŋkekewo dzi o. Ne ède dzesi hiahiã siawo eye nèna kpekpeɖeŋu si tututu hiã la, kpɔ alesi dzi aɖo amewo ƒoe la ɖa le susu me!

3 Ðo Dze tso Gbɔgbɔmenuwo Ŋu: Míagate ŋu ado ŋusẽ mía nɔewo to míaƒe nyagbɔgblɔwo hã dzi. (Ef. 4:29) Hamemegã aɖe si kpɔ nuteƒe gblɔ be: “Ne èdi be yeade dzi ƒo na amewo la, ke ƒo nu tso gbɔgbɔmenuwo ŋu. Be nàdze dzeɖoɖo tuameɖowo gɔme la, ɖewohĩ àte ŋu abia nya bɔbɔe sia tɔgbe be, ‘Aleke nèwɔ srɔ̃ nyateƒea?’” Tsɔ ɖe le eme na sɔhɛ siwo le hamea me vevie. Te ɖe amesiwo ƒo dzi ɖe le kple amesiwo ŋu kpena ŋu. (Lod. 12:25) Mègaɖe mɔ dzeɖoɖo le xexeame ƒe modzakaɖeɖewo ŋu navu tsyɔ gbɔgbɔ me dze nyui siwo nàɖo kple haxɔsetɔwo la dzi o.—Rom. 1:11, 12.

4 Ke nya kae nàte ŋu agblɔ atsɔ ado ŋusẽ amewoe? Ðe nèva de dzesi gɔmeɖose aɖe le wò Biblia xexlẽ kple ɖokuisinusɔsrɔ̃ me si na wò ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ŋu gade to ɖe edzia? Èse nane le dutoƒonuƒo aɖe me alo le Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ aɖe me si de dzi ƒo na wòa? Alo ɖe nuteƒekpɔkpɔ aɖe wɔ dɔ ɖe dziwò vevie hetu wò xɔse ɖoa? Ne èdzrana gbɔgbɔ me nu xɔasi siawo ɖo la, nya geɖe anɔ asiwò ɣesiaɣi nàgblɔ atsɔ ade dzi ƒo na amewo.—Lod. 2:1; Luka 6:45.

5 Ne míenaa kpekpeɖeŋu si tututu amewo hiã la wo eye míezãa míaƒe aɖe le mɔ nyuitɔ nu la, míate ŋu ayi edzi anɔ ŋusẽ dom mía nɔewo.—Lod. 12:18.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe