Mina Míatu Mía Nɔewo Ðo Le Gbeadzi
1 Dzideƒonamenya “si wogblɔ ɖe egblɔɣi” la doa dzidzɔ na mí katã. (Lod. 25:11) Ne míele dɔ wɔm kple nɔviwo le gbeadzi la, nu kae míate ŋu awɔ be míaƒe dzeɖoɖowo nade dzi ƒo na wo?
2 Dzeɖoɖo Tuameɖowo: Aleke gbegbe wòatu amewo ɖoe nye esi ne míeɖo dze tso gbɔgbɔmenuwo ŋu esi mía kple wo míele gome kpɔm le gbeƒãɖeɖedɔa me? (Ps. 37:30) Míate ŋu aƒo nu tso dzeɖomɔnu si míazã ŋu alo agblɔ gbeadzinuteƒekpɔkpɔ dedziƒoname siwo su mía si nyitsɔ laa la. (Dɔw. 15:3) Ðe míede dzesi nu wɔdɔɖeamedzi aɖewo le míaƒe ɖokuisi Biblia xexlẽ, magazine yeyewo xexlẽ, alo hamea ƒe kpekpe aɖe mea? Míate ŋu aɖo dze tso dutoƒonuƒo aɖe si míese le Fiaɖuƒe Akpata me nyitsɔ laa la ŋu.
3 Dzi ate ŋu aɖe le mía ƒo ne aƒemenɔla aɖe do tsitretsiɖeŋunya aɖe ɖa si míete ŋu kpɔ ta na o. Aɖe vi ŋutɔ ne mía kple nɔvi si le dɔ wɔm le gbeadzi míezã miniti ʋɛ aɖewo le dzodzo le aƒea me vɔ megbe tsɔ dzro ale si míakpɔ nya ma tɔgbi gbɔ ɣebubuɣi, ɖewohĩ to Reasoning gbalẽa me dzodzro dzi. Ne míekpɔ ŋudzedze ɖe nɔvi si míele dɔ wɔm kpli le gbeadzi ƒe dzeɖomɔnu aɖe ŋu la, míate ŋu akafui tso dzi me ɖe eta.
4 Kpe Wo: Ðe nɔvi aɖewo le míaƒe agbalẽ me nusrɔ̃ƒe si mía kpli wo míegayi gbeadzi le ŋkeke siawo me kpɔ oa? Ne míekpe wo be woade gbeadzi kpli mí la, ate ŋu ana ‘míade dzi ƒo na mía nɔewo.’ (Rom. 1:12) Edoa dzidzɔ na gbesiagbe mɔɖelawo kple kpekpeɖeŋu mɔɖelawo be yewoawɔ dɔ kple nɔviwo vevietɔ le ŋdi kanyaa alo fiẽsiwo, ɣeyiɣi siwo me gbeƒãɖela ʋɛ aɖewo koe dea gbeadzi. Míate ŋu akpe ɖe mɔɖelawo ŋu to gbeadziyiyi kpli wo me. Ðe gbeƒãɖela aɖe le míaƒe hamea me si nye dɔnɔ eye eƒe lãmegbegblẽ wɔe be megatea ŋu wɔa geɖe le gbeadzi oa? Ne míewɔ ɖoɖo be wòayi gbeadzi kpli mí, ɖewohĩ míekplɔe yi Biblia nusrɔ̃vi aɖe gbɔ la, ate ŋu aɖe vi na mí ame evea siaa.—Lod. 27:17.
5 Amekafukafu kple ŋudzedzekpɔkpɔɖeɖefia, le nu suewo gɔ̃ hã me, dea dzi ƒo na ame ɣesiaɣi. Ele be esia nanɔ susu me na mí ne míele dɔ wɔm kple mía nɔviwo le gbeadzi, esi wònye be míedi be ‘míanɔ mía nɔewo tum ɖo’ ta.—1 Tes. 5:11.