Zã Nusiwo Wokpɔna la Tsɔ Fia Nui
1. Aleke Yehowa zã nusiwo wokpɔ kple ŋku tsɔ fia nu esubɔla siwo nɔ anyi le blemae, eye aleke wòɖe vii?
1 Yehowa zãa drɔ̃ewo kple ŋutegawo ɣeaɖewoɣi tsɔ ɖea nyatakaka veviwo fiaa esubɔla siwo nɔ anyi le blema. Bu ŋutega si Xezekiel kpɔ ku ɖe Yehowa ƒe dziƒotasiaɖam la ŋu kpɔ. (Xez. 1:1-28) De ŋugble le alesi Daniel ase le eɖokui mee esime woɖe xexemefiaɖuƒe siwo akplɔ wo nɔewo ɖo la fiae le nyagblɔɖidrɔ̃e la me ŋu kpɔ. (Dan. 7:1-15, 28) Ke nukae nàgblɔ le nyaɖeɖefia wɔdɔɖeamedzi si woɖe fia apostolo Yohanes, “le dzesiwo me,” ku ɖe nusiwo ava va eme le “Aƒetɔ ƒe ŋkeke la dzi” ya ŋu? (Nyaɖ. 1:1, 10) Yehowa zã nukpɔkpɔ siwo le amadede vovovowo me kple nudzɔdzɔ wɔdɔɖeamedziwo tsɔ fia nu wo, eye esia tsi woƒe susu me ɖikaa.
2. Nusiwo wokpɔna kawoe míate ŋu azã atsɔ afia Biblia me nyateƒea amewo?
2 Ne míedi be míafia Biblia me nyateƒea amewo le mɔ si ana wòatsi susu me na wo nu la, míawo hã míate ŋu azã míaƒe videowo atsɔ afia nui. Míaƒe videowo ku ɖe nyati vovovowo ŋu eye wonana be míaƒe kaka ɖe Biblia kple Yehowa ƒe habɔbɔa dzi me gasẽna ɖe edzi, eye woʋãa mí míewɔna ɖe gɔmeɖose siwo nana míezua Kristotɔ ɖɔʋuwo la dzi. Mina míakpɔ mɔ siwo dzi míate ŋu azã míaƒe videowo le atsɔ afia nu amewo ƒe kpɔɖeŋu aɖewo ɖa. Video siwo míate ŋu azã la dometɔ aɖewoe nye esiwo gbɔna.
3. Video kae nàte ŋu azã atsɔ ahe Biblia-nusrɔ̃vi aɖe ƒe susu ayi habɔbɔa dzii?
3 Le Gbeadzi: Ðe nèƒoa nu tso míaƒe Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ si le xexeame godoo ŋu na wò Biblia-nusrɔ̃vi aɖea? Ekema ɖe video si nye Our Whole Association of Brothers (Mía Nɔviwo ƒe Habɔbɔ Bliboa Katã) la fiae ne wòakpɔe ŋutɔŋutɔ. Àte ŋu aɣee nɛ wòakpɔ do ŋgɔ na miaƒe nusɔsrɔ̃ alo mia kplii miakpɔe ɖekae le nusɔsrɔ̃ aɖe wɔɣi. Emegbe miadzro nyabiase siwo dze le June 2002, Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me la me.
4. Video kawoe sɔhɛ Ðasefo ate ŋu azã atsɔ afia nui le suku?
4 Sɔhɛwo, miate ŋu agblɔ na miaƒe nufiala be yewodi be yewoaɖe video siwo nye Jehovah’s Witnesses Stand Firm Against Nazi Assault (Yehowa Ðasefowo Nɔ Te Sesĩe le Nazitɔwo ƒe Amedzidzedze Me) alo Faithful Under Trials—Jehovah’s Witnesses in the Soviet Union (Yehowa Ðasefowo le Soviet Union—Wowɔ Nuteƒe le Dodokpɔ Me) afia klass bliboa, eye yewoazã nyabiase aɖewo atsɔ adzro wo me. Miate ŋu atrɔ asi le nyabiase siwo dze le June 2001 alo February 2003, Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me ŋu wòasɔ na suku numedzodzroa.
5. Video kae li si dzilawo ate ŋu azã le ƒomenusɔsrɔ̃ wɔwɔ me?
5 Wò Ƒomea Kple Xɔlɔ̃wo: Dzilawo, ɣekaɣie nye zi mamlɛtɔ si mia viwo kpɔ video si nye Young People Ask—How Can I Make Real Friends? (Sɔhɛwo Biana Be—Aleke Mawɔ Adze Xɔlɔ̃ Vavãwo?) tso esime woɖee ɖe go zi gbãtɔ? Ðe manyo ŋutɔ be miagakpɔe ake le miaƒe ƒomenusɔsrɔ̃ si miava wɔ me oa? Miakpɔ eŋuti nyabiasewo le April 2002, Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me, si miate ŋu azã atsɔ awɔ numedzodzro lédziname si me amesiame ate ŋu aƒo nu le faa.
6. Ðoɖo kae nàte ŋu awɔ si me mia kple xɔ̃wòwo miate ŋu akpɔ tutuɖo nyui le?
6 Ðe xɔ̃wò aɖe le hamea me si nàdi be yeakpe va aƒewò mea? Video si nye Respect Jehovah’s Authority (De Bubu Yehowa ƒe Dziɖuŋusẽ Ŋu) kpɔkpɔ ɖekae anye hadede tuameɖo ƒe mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe na mi, vevietɔ ne miezã nyabiase siwo dze le September 2004, Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me, tsɔ ɖo dze tso nufiame siwo le eme ŋu le ekpɔkpɔ vɔ megbe.
7. Ame bubu kawoe nèbu be yeagate ŋu aɖe míaƒe videowo na wòaɖe vi?
7 Le Mɔnukpɔkpɔ Bubuwo Me: Mɔ bubu kawo nue nàte ŋu azã míaƒe video vovovo 20-awo le wòaɖe vi? Ðe video siawo dometɔ ɖeka alo eve kpɔkpɔ kple ame aɖe si gbɔ nèyina edziedzi le gbeadzi ana wòawɔ gbɔgbɔ me ŋgɔyiyia? Ðe manyo be nàɖe video siawo dometɔ aɖewo afia le dɔnɔdzikpɔƒewo oa? Ðe video siawo ate ŋu akpɔ ŋusẽ nyui ɖe ƒometɔ siwo menye Ðasefo o, aƒelikawo, kple dɔwɔhatiwo dzia? Míaƒe videowo nye nukpɔkpɔ siwo wɔa dɔ ɖe ame dzi hefiaa nu ame. Zã wo nàtsɔ afia nu amewo.