Zã Míaƒe Videowo Le Wò Nufiafia Me
Esi Yehowa tsɔ gbedeasi veviwo na Abraham kple Yeremiya la, menye ɖeko wògblɔe wose ko o, ke ena wokpɔ nu si gblɔm wònɔ la kple ŋku hã. (1 Mose 15:5; Yer. 18:1-6) Míate ŋu akpe ɖe míaƒe nusrɔ̃viwo ŋu woase Biblia me nyateƒewo gɔme ahade asixɔxɔ geɖe wo ŋu to nu siwo wokpɔna, abe míaƒe videowo ene, zazã me. Ɣeyiɣi siwo me míate ŋu aɖe videoawo ƒe kpɔɖeŋuwoe nye esiwo gbɔna. Nenɔ susu me na mí be aɖaŋuɖoɖowo koe esiawo nye, elabena nusrɔ̃vi ɖe sia ɖe to vovo.
Biblia Ƒe Nufiafia gbalẽa
◻ Ta 1: Le memama 17 lia megbe, mikpɔ The Wonders of Creation Reveal God’s Glory
◻ Ta 2: Le eƒe nuwuwu, mikpɔ The Bible—Mankind’s Oldest Modern Book
◻ Ta 9: Le memama 14 lia megbe, mikpɔ Jehovah’s Witnesses—Organized to Share the Good News
◻ Ta 14: Le eƒe nuwuwu, mikpɔ The Bible—Its Power in Your Life
◻ Ta 15: Le memama 10 lia megbe, mikpɔ Our Whole Association of Brothers
“Mawu Ƒe Lɔlɔ̃” gbalẽa
◻ Ta 3: Le memama 15 lia megbe, mikpɔ Young People Ask—How Can I Make Real Friends?
◻ Ta 4: Le eƒe nuwuwu, mikpɔ Respect Jehovah’s Authority
◻ Ta 7: Le memama 12 lia megbe, mikpɔ No Blood—Medicine Meets the Challenge
◻ Ta 9: Le memama 6 lia megbe, mikpɔ Warning Examples for Our Day
◻ Ta 17: Le eƒe nuwuwu, mikpɔ ‘Zɔ Le Xɔse Me, Ke Menye Le Nukpɔkpɔ Me O’
Video bubuwo gali siwo kpɔkpɔ aɖe vi na wò nusrɔ̃vi aɖewo koŋ. Le kpɔɖeŋu me, Faithful Under Trials—Jehovah’s Witnesses in the Soviet Union alo Jehovah’s Witnesses Stand Firm Against Nazi Assault kpɔkpɔ ade dzi ƒo na wo dometɔ siwo ŋu wotsi tsitre ɖo vevie. Pursue Goals That Honor God kple Young People Ask—What Will I Do With My Life? kpɔkpɔ aɖe vi na sɔhɛwo hã. De dzesi nusɔsrɔ̃a ƒe afi siwo nàte ŋu aɖe videoawo le la ɖe wò Biblia Ƒe Nufiafia kple “Mawu Ƒe Lɔlɔ̃” gbalẽawo me, be wòaɖo ŋku ɣeyiɣi si nàɖee afia wò nusrɔ̃via alo aɣee nɛ wòakpɔ la dzi na wò. Ne woɖe video yeyewo ɖe go la, bu ale si nàzãe atsɔ afia nu wòade dzi gbɔ na wò Biblia nusrɔ̃viwo la ŋu.—Luka 24:32.