Biblia-nusɔsrɔ̃ Siwo Yia Ngɔ Wɔwɔ le Ʋɔtru Nu
1. Nu ka tae míesrɔ̃a Biblia kple amewo ɖo?
1 Dzidzɔ kae nye esi wònye be míadze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple ame aɖe! Ke hã, keke ɖe ame aɖe si atsɔ ɖe le Biblia sɔsrɔ̃ me ŋu ɖeɖe mesɔ gbɔ o. Nusɔsrɔ̃a ƒe taɖodzinu koŋue nye be wòakpe ɖe amea ŋu be wòazu Kristo ƒe nusrɔ̃la adodoe. (Mat. 28:19, 20) Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖo taɖodzinu sia gbɔ?
2. Nu ka tae míesrɔ̃a Biblia kple amewo le woƒe ʋɔtru nu, eye aleke wòɖea vii?
2 Amewo Mevona O: Ɣeyiɣi megale amewo sum egbea kura o. Le teƒe aɖewo la, ame ʋɛ aɖewo koe alɔ̃ be yewoazã gaƒoƒo ɖeka ɖe Biblia sɔsrɔ̃ ŋu. Be míate ŋu aɖi ɖase na ame siawo la, wode dzi ƒo na mí be míadze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme ahanɔ ewɔm kpli wo le tsitrenu le woƒe ʋɔtru nu, alo le afi si wòanya wɔ le la, to telefon dzi. Gbã la, nusɔsrɔ̃ siawo ate ŋu anɔ kpuie eye míate ŋu azã Biblia-srɔ̃gbalẽ aɖe, abe Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa ene, ƒe memama ɖeka alo eve atsɔ adzro mawunyakpukpui ʋɛ aɖewo ko me kpli wo. Aleke gbegbe wòhenyoe nye esi be gbeƒãɖela geɖe le Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔm alea ne wotsi tre ɖe ʋɔtrua nu, eye ame ʋɛ aɖewo hã ɖia ɖase to telefon dzi!
3. Nu ka tae wòle be míadze agbagba adzi nua sɔsrɔ̃ ɖe edzi?
3 Gake tsitrenu koe wòle be míanɔ nusɔsrɔ̃a wɔm le ɖaa? Ao. Togbɔ be manyo be míaƒe nusɔsrɔ̃ gbãtɔa nadidi akpa o hã la, June 1990 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, axa 4, gblɔ be: “Ne míeɖo nusɔsrɔ̃a anyi eye aƒemenɔlaa va tsɔ ɖe le eme ko la, míate ŋu azã ɣeyiɣi geɖe wu ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu.” Esia le vevie ŋutɔ. Le kpɔɖeŋu me: Ne dɔ wu ɖevi aɖe ʋuu wòɖi tsi ɖe eŋu la, ɖe wodoa nuɖuɖu nɛ vivivi vaseɖe esime wòava nɔ vivi dom ɖe nuɖuɖua ŋu, gake míate ŋu akpɔ mɔ be ŋusẽ aɖo eŋu bliboe eye wòatsi nyuie ne míeyi edzi le nuɖuɖu vi ma ko namee hena ɣeyiɣi didi aɖe o. Nenema kee wòahiã be míanɔ anyi asrɔ̃ nu kple Biblia nusrɔ̃via eye nusɔsrɔ̃a natsiã ɖe enu hafi wòate ŋu awɔ ŋgɔyiyi atsi ava zu Mawu subɔla.—Heb. 5:13, 14.
4. Vi kawoe Biblia sɔsrɔ̃ kple amewo le anyinɔƒe ɖena?
4 Biblia-nusɔsrɔ̃ Wɔwɔ le Anyinɔƒe: Anyo be miadi teƒe aɖe—eɖanye aƒeme loo alo teƒe bubu aɖe si sɔ—anɔ anyi ɖo awɔ nusɔsrɔ̃a. Esia ana nua nanya srɔ̃ eye wòakpe ɖe nusrɔ̃via ŋu be wòase Mawu ƒe Nya la gɔme nyuie wu. (Mat. 13:23) Akpe ɖe nufialaa hã ŋu be wòate ŋu atrɔ asi le nusɔsrɔ̃a ŋu be wòasɔ ɖe nusrɔ̃via ƒe nuhiahiãwo nu. Gawu la, nua sɔsrɔ̃ wòadidi ɖe edzi vie wu ana miadzro Mawu ƒe Nya la me nyuie wu bene wòado ŋusẽ nusrɔ̃via ƒe xɔse.—Rom. 10:17.
5. Aleke míawɔ ana tsitrenu nusɔsrɔ̃a wɔwɔ le ʋɔtru nu nava zu anyinɔƒe nusɔsrɔ̃e?
5 Aleke míawɔ ana tsitrenu nusɔsrɔ̃a wɔwɔ le ʋɔtru nu nava zu anyinɔƒe nusɔsrɔ̃e? Le nusɔsrɔ̃ kpuikpui geɖe wɔwɔ le ʋɔtrua nu megbe la, ɖe manyo be nàbia be yewoaɖo ɣeyiɣi aɖe koŋ ɖi atsɔ anɔ nua srɔ̃m wòadidi vie wu oa? Alo àte ŋu ato mɔ aɖe nu abia amea be, “Àte ŋu akpɔ asinu egbea be míanɔ anyi adzro nyati sia mea?” alo biae be, “Miniti nenie nàdi be míazã egbea atsɔ adzro nyati sia me?” Ne esiawo dometɔ aɖeke medze edzi o la, ekema yi edzi nànɔ nusɔsrɔ̃ kpuia wɔm kplii le tsitrenu. Ne ya ƒo ɖe eme vie la, gatee kpɔ be yeana yewoanɔ anyi asrɔ̃ nua.
6. Taɖodzinu kae wòle be míatsɔ awɔ míaƒe subɔsubɔdɔae, eye aleke aɖaŋuɖoɖo siwo le nyati sia me akpe ɖe mía ŋu míaɖo taɖodzinua gbɔe?
6 Esi míeyi edzi le ame siwo dze dim la, migana míaŋlɔ taɖodzinu si tae míedzea Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kple amewo heyia edzi la be o. Taɖodzinuae nye be míakpe ɖe dzianukwaretɔwo ŋu be woava zu Yehowa subɔla ɖeadzɔgbe, xɔnyɔnyrɔwo. Neva eme be Yehowa nayra ɖe agbagba siwo dzem míele be míaɖo míaƒe subɔsubɔdɔa ƒe taɖodzinu sia gbɔ la dzi.—Tim. II, 4:5.