Nyabiaɖaka
◼ Ðe wòle be nyɔnu gbeƒãɖela nabla ta ne ele Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔm le ʋɔtru nu esime ŋutsu gbeƒãɖela aɖe le eteƒea?
Ne nyɔnu gbeƒãɖela le Biblia-nusɔsrɔ̃ si ŋu wòwɔ ɖoɖo ɖo si wòwɔna edziedzi wɔm esime Fiaɖuƒegbeƒãɖela si nye ŋutsu le eteƒe la, ele be wòabla ta. (1 Kor. 11:3-10) July 15, 2002, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 27, ɖe eme be: “Esia nye nufiafia si ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo do ŋgɔ si dzi ame si le nusɔsrɔ̃a wɔm la kpɔna. Le nɔnɔme siawo me la, nusɔsrɔ̃a va zu hamea ƒe nusɔsrɔ̃ ƒe alɔdze. Ne Ðasefo nyɔnu xɔnyɔnyrɔe kpɔa nusɔsrɔ̃ ma dzi le esime Ðasefo ŋutsu xɔnyɔnyrɔ li la, ke esɔ nyuie be wòabla ta.” Anɔ alea afi ka kee woɖale nua srɔ̃m le o, eɖanye aƒe mee alo ʋɔtru nue loo, alo nɔnɔme bubuwo me o.
Gake ne womeɖo ʋɔtru nu Biblia-nusɔsrɔ̃a anyi haɖe o la, mahiã be nɔvinyɔnua nabla ta ne Fiaɖuƒegbeƒãɖela si nye ŋutsu le eteƒe o, nenye be taɖodzinu si tae wòyi ɖoe nye be yeawɔ ale si míewɔa Biblia nusɔsrɔ̃e la fia amea alo be yewoadzro nyati aɖe me tso agbalẽ siwo míetsɔ srɔ̃a nu kple amewo me gɔ̃ hã. Esi wònye be ʋɛʋɛʋɛ ye woɖoa ʋɔtru nu Biblia-nusɔsrɔ̃ anyi, to amea gbɔ yiyi edziedzi me ta la, ele be gbeƒãɖelawo nalé ŋku ɖe nɔnɔmeawo ŋu, ada asɔ ahakpɔ be ɣekaɣie wòahiã be nɔvinyɔnua nabla ta mahã.