INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 4/06 axa 6
  • Èbia Be Woafia Ame Bubuwo Ye Kpɔa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Èbia Be Woafia Ame Bubuwo Ye Kpɔa?
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale Si Míakpe Ðe Biblia-nusrɔ̃viwo Ŋu Woayi Ŋgɔ Ava Xɔ Nyɔnyrɔ—Akpa Evelia
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2020
  • Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me—Kpe Ðe “Ame Siwo Si Dzi Ƒe Nɔnɔme Nyui Le” Ŋu Woazu Nusrɔ̃lawo
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2018
  • Mɔ Atɔ̃ Siwo Dzi Nàto Biblia Nusrɔ̃vi Nasu Asiwò
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
  • Kpe Ðe Wò Biblia Nusrɔ̃viwo Ŋu Woava Xɔ Nyɔnyrɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2021
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
km 4/06 axa 6

Èbia Be Woafia Ame Bubuwo Ye Kpɔa?

Ne èsrɔ̃a Biblia kple ame aɖe la, anyo be nàbiae be wòafia wò exɔlɔ̃, ƒometɔ, alo amenyanyɛ siwo hã adi be yewoasrɔ̃ nusi Biblia fia la. Ne èbia la, ayɔ ame geɖewo ƒe ŋkɔ na wò. Ne wò nusrɔ̃via lɔ̃ la, àte ŋu ayɔ eŋkɔ ne èyi amesiwo wòfia wò la gbɔ be yeasrɔ̃ Biblia kpli wo. Àte ŋu agblɔ be, “Míele Biblia srɔ̃m kple [Asimasi], eye ebui be ɖewohĩ adzɔ dzi na wò hã be yeakpɔ gome le míaƒe Biblia sɔsrɔ̃ femaxee ƒe ɖoɖoa me.” Ekema zã Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa nàtsɔ awɔ alesi míewɔa nusɔsrɔ̃ae ƒe kpɔɖeŋu kpui aɖe fiae.

Ne nusrɔ̃vi dovevienu aɖe le asiwò la, àte ŋu ade dzi ƒo nɛ be wòaƒo nu tso Biblia-nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖoa ŋu na exɔlɔ̃wo kple ƒometɔ siwo wòadzɔ dzi na. Ate ŋu amia asi wo be woava kpɔ gome le nusɔsrɔ̃ si wowɔna kpli ye me faa. Alo ne ema manya wɔ o la, ate ŋu awɔ ɖoɖo be nàyi aɖawɔ alesi míesrɔ̃a nuae ƒe kpɔɖeŋu afia wo. Esia wɔwɔ ade dzi ƒo na nusrɔ̃via be wòate Biblia me sidzedze si le esi sum la gbɔgblɔ na amewo.

Amesiwo gbɔ nètrɔna yina edziedzi, gake mèkpɔ dze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kpli wo o, gɔ̃ hã ate ŋu afia ame bubuwo wò. Ne ètsɔ Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa na wo la, àte ŋu abia be, “Ènya ame aɖe si hã agbalẽ sia adzɔ dzi na?”

Le alesi ɣeyiɣi va le yiyim kabakaba ta la, míadi be míato mɔ sia mɔ si dze nu akpe ɖe amewo ŋu be woase nyanyuia ahaxɔe. Èbiana be woafia ame bubuwo yea?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe