Mɔ Atɔ̃ Siwo Dzi Nàto Biblia Nusrɔ̃vi Nasu Asiwò
1. Ne esesẽna na mí be míakpɔ Biblia nusrɔ̃vi le míaƒe anyigbamama me la, nu kae wòle be míawɔ, eye nu ka tae?
1 Ðe wòsesẽna na wò be nàke ɖe ame aɖe si nàsrɔ̃ Biblia kplii la ŋua? Dzi megaɖe le ƒowò o, yi edzi nànɔ edim. Yehowa yraa ame siwo menaa ta le nu si nye eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me o la. (Gal. 6:9) Aɖaŋuɖoɖo atɔ̃ siwo gbɔna la akpe ɖe ŋuwò.
2. Aleke míate ŋu ado Biblia nusɔsrɔ̃ ɖe amewo gbɔ tẽe?
2 Bia Amewo Tẽe: Ame geɖe nya be míenaa Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! amewo, gake ɖewohĩ womenya be míesrɔ̃a Biblia kple amewo o. Eya ta ɖe manyo be nàbia amewo tẽe ne èle gbeƒã ɖem tso aƒe me yi aƒe me oa? Àte ŋu abia ɖetsɔlemetɔ siwo gbɔ nèyina hã be woadi be woasrɔ̃ Biblia kple yewo hã. Ne wogbe la, àte ŋu ayi edzi anɔ magazineawo nam wo ahanɔ ɖetsɔlemea tum ɖo. Nɔviŋutsu aɖe nɔ atsu kple asi aɖe si nye eƒe magazine ƒe ademɔ gbɔ yim hena ƒe geɖe. Gbe ɖeka, esi wòtsɔ magazine yeyewo va na wo la, etrɔ dzo yina gake egatrɔ ɖe wo ŋu hebia wo ko be: “Miadi be woasrɔ̃ Biblia kpli mia?” Ewɔ nuku nɛ ŋutɔ esi wolɔ̃. Woxɔ nyɔnyrɔ fifia.
3. Ðe wòsɔ be míasusui be nɔvi aɖe le Biblia srɔ̃m kple ame siwo vaa kpekpeawo la xoxoa? Ðe eme.
3 Bia Ðetsɔlemetɔ Siwo Vaa Kpekpeawo: Mègasusui be nɔvi aɖe le Biblia srɔ̃m kple ɖetsɔlemetɔ siwo vaa kpekpeawo la xoxo o. Nɔviŋutsu aɖe ka nya ta be: “Kpekpewo mee medo nusɔsrɔ̃ ɖe nusrɔ̃vi siwo nɔ asinye la ƒe akpa gãtɔ gbɔ le.” Nɔvinyɔnu aɖe tiae be yeate ɖe nyɔnu aɖe si ŋu kpena si vinyɔnu xɔnyɔnyrɔwo le hamea me la ŋu. Nyɔnua nɔ kpekpeawo dem ƒe 15 sɔŋ eye wòvaa Fiaɖuƒe Akpata me ɣesiaɣi ne kpekpea dze egɔme teti ko eye wòdzona enumake ne kpekpea nya wu enu ko. Nyɔnua lɔ̃ be yeasrɔ̃ nu eye wòva xɔ nyateƒea mlɔeba. Nɔvinyɔnua ŋlɔ bena: “Evem ŋutɔ be melala ƒe 15 sɔŋ hafi biae be adi be woasrɔ̃ nu kpli ye hã!”
4. Aleke nusrɔ̃vi ate ŋu asu mía si to ame bubuwo biabia dzi?
4 Bia Nɔviwo Kple Ame Bubuwo: Nɔvinyɔnu aɖe dzea agbagba kplɔa nɔvi bubuwo ɖo yia woƒe Biblia nusrɔ̃viwo gbɔ. Ewɔa ɖoɖo kple nɔviawo ale be ne wosrɔ̃ nua kple nusrɔ̃via vɔ la, ebiaa nusrɔ̃via be enya ame bubu aɖewo siwo akpɔ dzidzɔ be woava srɔ̃ nu kpli yewo mahã. Ne èna Biblia Ƒe Nufiafia gbalẽa ame aɖe si gbɔ nèyina xoxo la, àte ŋu abiae be: “Meɖe kuku, ènya ame bubu aɖe si wòadzɔ dzi na be woana agbalẽ sia ɖeka yea?” Ɣeaɖewoɣi la, gbeƒãɖelawo kple mɔɖela aɖewo ƒe nɔnɔmewo meɖea mɔ na wo be woasrɔ̃ nu kple ame aɖe si ŋu woke ɖo le anyigbamamaa me o. Eya ta na nɔvi bubuwo nanya be yele klalo asrɔ̃ Biblia kple ame siwo di.
5. Nu ka tae wòanyo be míabia mía nɔviwo srɔ̃ siwo menye haxɔsetɔwo o la kpɔ be woadi be woasrɔ̃ nu kpli yewo hã?
5 Mía Nɔviwo Srɔ̃ Siwo Menye Haxɔsetɔwo O: Ðe gbeƒãɖela aɖewo le miaƒe hamea me siwo srɔ̃wo menye haxɔsetɔwo oa? Srɔ̃tɔ dzimaxɔsetɔ siawo dometɔ aɖewo medina be yewoaɖo dze kple yewo srɔ̃ Kristotɔ la tso Biblia ŋu o, gake woalɔ̃ ne ame bubu aɖe si mele ƒomea me o la do Biblia sɔsrɔ̃ ɖe wo gbɔ. Zi geɖe la, enyona wu ne míeƒo nu kple srɔ̃tɔ Kristotɔa gbã ale be míanya mɔ nyuitɔ si dzi míato ado Biblia nusɔsrɔ̃ ɖe srɔ̃a gbɔ.
6. Aleke gbegbee gbedodoɖa le vevie ne míele Biblia nusrɔ̃vi dim?
6 Gbedodoɖa: Mègabu ŋusẽ si le gbedodoɖa ŋu nu tsɛ o. (Yak. 5:16) Yehowa do ŋugbe be yeawɔ nu siwo míabia siwo awɔ ɖeka kple yeƒe lɔlɔ̃nu la na mí. (1 Yoh. 5:14) Nɔviŋutsu aɖe si ŋu vovo menɔna kura o la va te gbedodoɖa be Biblia nusrɔ̃vi nasu ye si. Srɔ̃a biaa eɖokui be, ɖe wòate ŋu akpɔ vovo alé be na Biblia nusrɔ̃via, vevietɔ ne kuxi geɖe le nusrɔ̃via ŋu hã. Eya ta nyɔnua ɖea eƒe dzimaɖitsitsi siawo gblɔna na Yehowa le gbedodoɖa me ne ele gbe dom ɖa ɖe srɔ̃a ta be wòakpɔ nusrɔ̃vi. Yehowa ɖo woƒe gbedodoɖa ŋu na wo le kwasiɖa eve megbe esi mɔɖela aɖe si le hamea me la ke ɖe ŋutsu aɖe si di be yeasrɔ̃ nu la ŋu eye wògblɔ na nɔviŋutsua be wòasrɔ̃ nu kplii. Nyɔnua ŋlɔ be: “Medi be magblɔ na ame sia ame si asusu be yemate ŋu asrɔ̃ Biblia kple amewo o la be: Gblɔ nu si tututu wò kuxia nye na Yehowa le gbedodoɖa me, eye mègadzudzɔ gbedodoɖa tso eŋu o. Míekpɔ dzidzɔ wu ale si mesusui.” Ne èdi Biblia nusrɔ̃vi kutrikukutɔe la, ate ŋu asu wò hã asiwò eye dzidzɔ si dona tso kpekpe ɖe ame aɖe ŋu wòava “mɔ si kplɔa ame yia agbe me” dzi la asu asiwò.—Mat. 7:13, 14.