INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 5/06 axa 1
  • ‘Midze Yonyeme Ðaa’

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • ‘Midze Yonyeme Ðaa’
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nukatae Wòle Be Nàtsɔ Ðokuiwò Asa Vɔe?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Míegale Agbe Na Mía Ðokui O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Srɔ̃ Yesu Nàtsɔ Ðokuiwò Asa Vɔe Ðe Amewo Ta
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
  • Nɔ Yesu Yome Ðaa
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
km 5/06 axa 1

‘Midze Yonyeme Ðaa’

1 Ame geɖe dia wo ɖokui tɔ, gake ema menana wokpɔa dzidzɔ o. Ke hã, Yesu ya de dzi ƒo na mí be míana nu amewo ɖokuitɔmadimaditɔe ale be míakpɔ dzidzɔ vavãtɔ. (Dɔw. 20:35) Egblɔ be: “Amesi ke le lɔlɔ̃m bena, yeadze yonyeme la, negbe nu le ye ŋutɔ ɖokui gbɔ, . . . eye wòadze yonyeme” ɖaa. (Mar. 8:34) Esia bia nu geɖe wu alesi míanɔ dzidzɔ aɖewo tem mía ɖokui ko. Efia boŋ be míawɔ nusi dzea Yehowa ŋu gbesiagbe, ke menye nusi dzea mía ŋutɔwo ŋu o.—Rom. 14:8; 15:3.

2 Bu kpɔɖeŋu si apostolo Paulo ɖo ŋu kpɔ. Paulo dzudzɔ eya ŋutɔ ƒe didiwo yome nɔnɔ, eye wòtsɔ eɖokui na hena Fiaɖuƒedɔa wɔwɔ geɖe wu ‘le asixɔxɔ gãtɔ kekeake si le Kristo Yesu nyanya ŋu ta.’ (Fil. 3:7, 8) Egblɔ be: ‘Ke nye la melɔ̃na ŋutɔ bena, mazã nye nuwo, eye mana woazã nye ŋutɔ hã’ le amewo subɔsubɔ ta. (Kor. II, 12:15) Anyo be mía dometɔ ɖesiaɖe nabia eɖokui be: ‘Aleke mele nye ɣeyiɣi, ŋusẽ, ŋutetewo, kple nunɔamesiwo zãmee? Nye ŋutɔ nye didiwo ŋu koe nye susu nɔna, alo ɖe medina be madze Yehowa ŋua?’

3 Mɔ Siwo dzi Míato Ana Nu: Ƒe sia ƒe la, Mawu ƒe amewo zãa gaƒoƒo siwo wu miliɔn akpe ɖeka tsɔ ɖea gbeƒã Fiaɖuƒea na amewo be woakpɔ agbe. Le hamea me la, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa wɔa dɔ vovovo siwo ɖea vi na amewo. Wowɔa dɔ geɖe hã le takpekpewɔƒewo, eye wokpɔa gome le tadeaguƒewo tutu kple wo dzadzra ɖo me. Bu kpekpeɖeŋu siwo Kɔdzi Kadododzikpɔkɔmiti (Hospital Liaison Committee) kple Dɔnɔsrãkpɔha (Patient Visitation Group) me tɔwo nana hã ŋu kpɔ. Agbagba vevi si nɔvi siwo tsɔ wo ɖokui na faa alea dzena la nye kpekpeɖeŋu gã aɖe na mía nɔvi Kristotɔwo!—Ps. 110:3.

4 Míate ŋu atsɔ mía ɖokui ana le mɔ vovovowo nu ne afɔku aɖe dzɔ alo dɔ aɖe wɔwɔ hiã kpata. Gake zi geɖe la, ɖewohĩ mía ŋutɔwo míakpɔe adze sii be hati Kristotɔ aɖe hiã kpekpeɖeŋu alo dzideƒo. (Lod. 17:17) Ne míelɔ̃na faa kpena ɖe amewo ŋu eye míewɔa geɖe le Fiaɖuƒedɔa me la, ekema míele Yesu ƒe kpɔɖeŋu srɔ̃m. (Fil. 2:5-8) Mina míadze agbagba anɔ esia wɔwɔ dzi ɖaa.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe