Tsɔ Ðe Le Eme na Amewo—To Bubu Dede Wo Ŋu Me
1 Togbɔ be Yehowae nye Xexeame Katã ƒe Dziɖulagã hã la, eɖea dɔmenyonyo, ameŋububu, kple bubudedeameŋu fiana ne ele nu wɔm kple amegbetɔ madeblibowo. (Mose I, 13:14; 19:18-21, 29) Míate ŋu ana míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa nanyo ɖe edzi ne míedea bubu amewo ŋu abe mía Mawu la ene. (Kol. 4:6) Esia bia nu geɖe wu nu ƒoƒo na amewo bubutɔe ko.
2 Tso Ʋɔtru nu Yi Ʋɔtru Nu: Nukae wòle be míawɔ ne ɣeyiɣi si míeyi la mede aƒemenɔlaa dzi o alo vovo mele eŋu wòaɖo to mí o? Ne edzɔ nenema la, anyo be míana dzeɖoɖoa nanɔ kpuie alo míagblɔ nɛ be míatrɔ ava ɣebubuɣi. Esi míedea bubu amewo ŋu ta la, míazii ɖe wo dzi be woaxɔ míaƒe agbalẽwo godoo o. Ne míebua amewo ŋu la, ekema míade bubu woƒe nuwo hã ŋu; le kpɔɖeŋu me, míatu agbo kple ʋɔtruwo ne míedo go, eye míafia mía viwo hã be woawɔe nenema. Míakpɔ egbɔ be agbalẽ siwo míagblẽ ɖi na amesiwo míedo go le aƒea me o la naganɔ gaglãgbe o. Le nyateƒe me la, bubu dede amewo ŋu aʋã mí be míawɔ nu ɖe wo ŋu abe alesi ko míadi be woawo hã woawɔe ɖe mía ŋu ene.—Luka 6:31.
3 Ne Míele Ðase Ðim le Mɔwo To: Ne míele ɖase ɖim le mɔ to la, míate ŋu aɖe bubudedeameŋu afia ne míexea mɔ na amesiwo va le yiyim alo ƒoa ƒu ɖe fiasemɔwo nu o. Míawɔ nu ɖe ameawo ŋu le nɔnɔme si me wole nu; míaɖo dze kple amesiwo si ɣeyiɣi vi aɖe le woate ŋu aɖo to mí, tsɔ wu be míadi be míaɖo dze kple amesiwo le kpakplakpla dzi. Ɣeaɖewoɣi la, toɣliɖeɖe si le mɔa to ana wòahiã be míakɔ gbe dzi. Ke hã, ele be míaɖɔ ŋu ɖo, be míaƒe dzeɖoɖoa nagaɖe fu na amewo o.—Mat. 12:19.
4 Ne Míele Ðase Ðim to Telefon Dzi: Amewo ŋu bubu aʋã mí míakpɔ egbɔ be ɖoɖoezizi le afisi míele telefon la wɔm le. Anye nɔnɔme nyui ɖeɖe fia ne míeɖe mía ɖokui nu enumake hegblɔ susu si ta míeƒo ka ɖo. Ne telefon la tsɔ wò nu gbɔ nyuie eye nèƒo nu na amewo vividodoɖeameŋutɔe la, ana dze si mia kpli wo miaɖo tso Ŋɔŋlɔawo me la natu wo ɖo. (Kor. I, 14:8, 9) Ne míeɖea dɔmenyonyo, ameŋububu, kple bubudedeameŋu fiana le mɔ vovovo siawo nu la, ekema míele mía Mawu Yehowa, bubudeameŋula la, srɔ̃m.