Woɖo Nuteƒewɔwɔ ƒe Kpɔɖeŋu Ði
1 Le ƒe 1937 me la, wodze ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ yeye aɖe gɔme—eyae nye mɔɖela vevi ƒe dɔa. Ŋutsu kple nyɔnu siwo dze, siwo si nuteƒekpɔkpɔ su le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me, lɔ̃ faa be yewoasubɔ le afisiafi si habɔbɔa ɖo yewo ɖo. Tso ɣemaɣi vaseɖe fifia, si nye ƒe bla nanewoe nye esia la, mɔɖela veviwo yi edzi le nuteƒewɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu si dze be míasrɔ̃ la ɖom.—Heb. 6:12.
2 Woxɔ Ŋgɔ: Le gɔmedzedzea me la, mɔɖela veviwo xɔa ŋgɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me to mɔ̃ si wotsɔna ƒoa agba siwo dzi wolé nya ɖo zãza le aƒemenɔlawo ƒe ʋɔtru nu me. Wozãna mɔ̃ siwo dzi woléa nuƒowo ɖo hã tsɔ wɔa Biblia me numedzodzrowo ne wotrɔ yi ameawo gbɔ. Wowɔa esia le dugã siwo me woɖo hamewo le xoxo me. Emegbe, woɖoa mɔɖela veviwo ɖe nuto siwo me Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo hiã le wu. Wotrɔ yia amesiwo katã ɖe ɖetsɔleme fia la gbɔ eye wowɔa Biblia-nusɔsrɔ̃ kpli wo. Woƒe veviedodonu alea wɔe be woɖo hame yeye alafa geɖewo. Woƒe nyanyuigbɔgblɔdɔa wɔwɔ kutrikukutɔe la wɔ akpa vevi aɖe le habɔbɔa ƒe takeke si teƒe kpɔm míele egbea me. (Yes. 60:22) Mɔɖela veviwo yi edzi le akpa vevi aɖe wɔm le gbeƒã ɖeɖe nyanyuia na “nuwɔwɔwo katã le dziƒo te” me.—Kol. 1:23.
3 Wonye Kpɔɖeŋu Nyui si Míasrɔ̃: Mɔɖela veviwo dometɔ aɖewo le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm ƒe bla nanewoe nye esia. Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, nɔnɔme vovovo siwo me ŋutsu kple nyɔnu nuteƒewɔla siawo to wɔe be woƒe xɔse gasẽ ɖe edzi. (Pet. I, 1:6, 7) Wolɔ̃na faa be yewoatsɔ ŋutilãme dzidzemekpɔkpɔ asa vɔe be yewoate ŋu asubɔ le teƒe siwo hiahiã tɔxɛwo le. Wo dometɔ aɖewo tsi le ƒe me fifia, eye wole akɔ kpem kple lãmesẽkuxiwo, alo nɔnɔme sesẽ bubuwo. (Kor. II, 4:16, 17) Ke hã, woyi edzi le ‘ku tsem le tsitsi me.’ (Ps. 92:15) Woɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu eye woxɔa eƒe yayrawo.—Ps. 34:9; Lod. 10:22.
4 Mɔɖela veviwo dze na míaƒe kafukafu vavã. Ne mɔɖela vevi aɖewo le miaƒe hamea me la, wɔ mɔnukpɔkpɔa ŋudɔ nàwɔ dɔ kpli wo be woƒe nuteƒekpɔkpɔwo naɖe vi na wò. Ðe wò ŋudzedzekpɔkpɔ fia wo ɖe woƒe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ nuteƒewɔwɔtɔe ta. Na woƒe nuteƒewɔwɔ tamanamanae nado ŋusẽ wò. Amesiwo katã srɔ̃a woƒe xɔse hã ate ŋu akpɔ Yehowa ƒe amenuveve kple yayrawo nenema ke, elabena “amesiwo wɔa nuteƒe ƒe nu nyoa eŋu.”—Lod. 12:22.