INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 11/10 axa 4
  • Nyabiaɖaka

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiaɖaka
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yayra Siwo le Mɔɖeɖedɔa Wɔwɔ Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
  • Woɖo Nuteƒewɔwɔ ƒe Kpɔɖeŋu Ði
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Wotrɔ Asi Le Gaƒoƒonudidia Ŋu na Mɔɖelawo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
  • Miɖo Ŋku Ame Siwo Le Ɣeyiɣiawo Katã Ƒe Subɔsubɔdɔa Wɔm Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
km 11/10 axa 4

Nyabiaɖaka

◼ Mɔ ŋutɔŋutɔ kawo nue míate ŋu akpe ɖe mɔɖela ŋu le?

Le ƒe 2009 subɔsubɔƒea me le xexea me godoo la, nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu, siwo nye gbesiagbe mɔɖelawo kpakple mɔɖela veviwo ƒe xexlẽme de 800,000 kloe. Ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla siawo tsɔ woƒe ɣeyiɣi, ŋusẽ, kple ŋutilã me nunɔamesiwo ƒe gbãtɔwo sa vɔe ale be woate ŋu akaka Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia. (Lod. 3:9) Aleke gbegbee Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe woƒe agbagbadzedzewo ŋui enye esi! Mɔ ŋutɔŋutɔ kawo nue míate ŋu aɖee afia le be Yehowa ƒe nukpɔsusu le mía si eye míakpe ɖe wo ŋu be woakpɔ dzidzɔ ahado dzi le mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me?

Ðe nèƒoa nu nyui tso mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ŋua? Ɣekaɣie nye zi mamlɛtɔ si nèkafu mɔɖela aɖe ɖe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ si le eme ta? Le nyateƒe me la, nya siwo ŋu míebu nyuie gbɔgblɔ na wo ate ŋu ado ŋusẽ wo be woayi edzi asubɔ abe mɔɖelawo ene. (Lod. 25:11) Ðe míate ŋu awɔ asitɔtrɔ le míaƒe kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe ɖoɖowo ŋu ale be míate ŋu awɔ dɔ kpli wo le gbeadzia? Edzɔa dzi na mɔɖelawo vevie ŋutɔ ne wokpɔ ame aɖe si awɔ dɔ kpli wo le ŋkekea ƒe gaƒoƒo siwo gbeƒãɖela ʋɛ aɖewo koe le gbeadzi la me. (1 Kor. 13:5; Flp. 2:4) Ne míenyoa dɔme na mɔɖelawo eye míekpea wo vaa míaƒe aƒe me wova ɖua nu kpli mi ɣeaɖewoɣi la, esia hã ɖenɛ fiana be míele kpekpem ɖe ŋu wo ŋu lɔlɔ̃tɔe. (1 Pet. 4:8, 9) Míate ŋu akpe ɖe wo ŋu le woƒe ʋuɖofewo gome faa, alo míate ŋu ana kpekpeɖeŋu wo le mɔ bubuwo nu ne ŋutetea le mía si.—Tsɔe sɔ kple 1 Tesalonikatɔwo 5:13.

Ŋɔŋlɔawo ka ɖe edzi na mí be Yehowa akpɔ ame siwo tsɔ Fiaɖuƒea ɖo nɔƒe gbãtɔ la ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo. (Ps. 37:25; Mat. 6:33) Mɔ ɖeka aɖe si dzi wòtona wɔa esia ye nye míaƒe Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa. (1 Yoh. 3:16-18) Ele eme baa be mɔɖelawo mekpɔa ame bubuwo si nu be woakpɔ yewoƒe ganyawo gbɔ na yewo o. Eye womedoa ŋgɔ nɔa nu siwo hiã wo la ŋu nya gblɔm na amewo. Ke hã, ne míeléa ŋku ɖe nu ŋu nyuie la, míate ŋu akpe ɖe mɔɖela wɔnuteƒewo ŋu le mɔ ŋutɔŋutɔwo nu eye míana “[míaƒe] nu siwo sɔ gbɔ tsi edzi la, naxɔ ɖe wo tɔ ƒe mademade teƒe.”—2 Kor. 8:14, 15.

Esi Foibe, nya nyui gblɔla aɖe si me dzo nɔ, si nɔ Kenxrea Hamea me le ƒe alafa gbãtɔ me, zɔ mɔ yi Roma la, Paulo de dzi ƒo na nɔvi siwo nɔ Roma be: “[Mixɔe] le Aƒetɔ la me, abe ale si dze ame kɔkɔewo ene, eye miakpe ɖe eŋu le nu sia nu si me wòahiã mi le la me.” (Rom. 16:1, 2) Mɔnukpɔkpɔ su mía si be míakpe ɖe mɔɖela kple mɔɖela vevi siwo le míaƒe hamea me, siwo ɖea gbeƒã nya nyuia madzudzɔmadzudzɔe, la ŋu lɔlɔ̃tɔe nenema ke.—Dɔw. 5:42.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe