Míama Nyɔ! ƒe Tata Tɔxɛ aɖe le September Me
1 Amesiame kloe kpɔa dzidzɔ ɖe xeviwo ƒe hadzidzi viviwo sese kple ɣe ƒe amigogbagba kpɔkpɔ ŋu. Gake ame akpa gãtɔ melɔ̃na ɖe edzi be Fofo lɔ̃ame aɖe si le dziƒo ye wɔ nusiawo o. Mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe asu mía si be míaɖi ɖase be Yehowae nye nuwo katã wɔla, to Nyɔ! ƒe tata tɔxɛ aɖe mama me. (Yes. 40:28; 43:10) September ƒe Eŋlisigbe me tata bliboa aƒo nu tso tanya si nye “Ðe Wɔla aɖe Li Vavãa?” ŋu.
2 Le Anyigbamamaa Me: Ne anya wɔ la, wɔ ɖoɖo nàwɔ ɖeka kple hamea le tso aƒeme yi aƒeme subɔsubɔdɔa wɔwɔ me Memleɖa ɖesiaɖe. Àte ŋu ana magazine ƒe tata tɔxɛa le kwasiɖaa ƒe ŋkeke bubuwo hã dzi faa. Nufialawo kple sukudɔwɔla bubuwo akpɔ dzidzɔ ɖe Nyɔ! ƒe tata sia ŋu ŋutɔ. Eyata àte ŋu awɔ ɖoɖo tɔxɛwo atsɔe ayi na wo dometɔ siwo le miaƒe anyigbamama me.
3 Ne amea ɖe ɖetsɔleme fia la, da nyabiase aɖe ɖe egbɔ si ŋu nàva ɖo nɛ ne ètrɔ yi. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu abia be, ne Wɔla lɔ̃ame aɖe li la, ke nukatae wòɖe mɔ fukpekpe li alea gbegbe ɖo? Ne ètrɔ yi la, àte ŋu atsɔ Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa ƒe ta 1 alo ta 11 lia afiae. Alo àte ŋu abia nya ku ɖe tameɖoɖo si le Wɔla la si na anyigbaa ŋu, eye miadzro ta 3 lia me ne ètrɔ yi.
4 Le Suku: Ne sukuvie nènye la, ɖe manyo ŋutɔ be nàtsɔ Nyɔ! ƒe tata tɔxɛa awɔ nunana na wò nufialawo kple sukuhatiwo oa? Eƒe tata aɖe dada ɖe wò kplɔ̃ dzi gɔ̃ hã ate ŋu ana amewo nabia nya tso míaƒe dzixɔsewo ŋu. Ðewohĩ mɔnukpɔkpɔ asu asiwò nàzã eme nyawo atsɔ aʋli wò xɔse ta le sukuxɔ me numedzodzrowo me kple le sukudɔdasi aɖewo dzadzraɖo me. Be wòanɔ bɔbɔe na wò la, wota “Sɔhɛwo Biana Be” ƒe nyatia aɖe si nye “Aleke Mawɔ Aʋli Nuwɔwɔ Ŋuti Dzixɔse si Le Asinye la Tae?” ɖe tata sia me.
5 Yehowa dze be wòaxɔ ŋutikɔkɔe kple bubu ɖe nusiwo wòwɔ la ta. (Nyaɖ. 4:11) Míate ŋu ato September Eŋlisigbe me Nyɔ! la mama veviedodotɔe dzi ade bubu mía Wɔla la ŋu ahakpe ɖe amewo ŋu be woawo hã nade bubu eŋu.