INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 10/07 axa 1
  • Míama Nyɔ! Ƒe Tata Tɔxɛ Aɖe Le November Me!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Míama Nyɔ! Ƒe Tata Tɔxɛ Aɖe Le November Me!
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale Si Míadze Biblia Nusɔsrɔ̃ Gɔme Kple Ame Siwo Míena Magazine
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
  • Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me—Na Biblia ƒe Nufiafia Gbalẽa
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2015
  • Míama Nyɔ! ƒe Tata Tɔxɛ aɖe le September Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me​—Zã Biblia ƒe Nufiafia Gbalẽa Nàtsɔ Afia Amewo Ale Si Míewɔa Biblia-nusɔsrɔ̃e
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2014
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
km 10/07 axa 1

Míama Nyɔ! Ƒe Tata Tɔxɛ Aɖe Le November Me!

1 Ame geɖe biaa nya siwo tso dzi me ku ɖe asixɔxɔ si le Biblia ŋu la ŋuti. Wobiana be, ne amewoe ŋlɔe la, ke aleke wɔ woate ŋu ayɔe be Mawu ƒe Nya? Susu kawo tae míaka ɖe edzi be Biblia ate ŋu afia mɔ míaƒe afɔɖeɖewo? Teƒeɖoɖo kae míakpɔ ne míezã míaƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ tsɔ xlẽa Biblia hesrɔ̃nɛ? Biblia gɔmeɖeɖe kae wòle be míazã? Esiawoe nye nyabiase siwo ŋu woɖo le November ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ! ƒe tata tɔxɛ si ƒe tanyae nye “Àte Ŋu Aka Ðe Biblia Dzia?” me la dometɔ aɖewo.

2 Míadi be míama Nyɔ! ƒe tata tɔxɛ sia le míaƒe anyigbamama bliboa me. Ne anya wɔ la, wɔ ɖoɖo nàwɔ ɖeka kple hamea le tso aƒe me yi aƒe me subɔsubɔdɔa wɔwɔ me Memleɖa ɖe sia ɖe le November ƒe ɣletia me. Tsɔ Nyɔ! ƒe tata tɔxɛa fia wò ƒometɔwo, aƒelikawo, dɔwɔhatiwo, nufialawo, sukuhatiwo, kple ame siwo gbɔ nàtrɔ ayi la. Tsɔ eƒe ɖewo ɖe asi ne èyina asi me alo èle mɔ zɔm. Hamemetsitsiwo dɔ magazine la ƒe ɖewo kpee ale be hamea me tɔwo katã nakpɔ esi asu wo nu.

3 Dze Biblia Nusɔsrɔ̃ Gɔme: Ne ètsɔ magazine la na ame aɖe vɔ la, àte ŋu aɖo Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme anyi hafi miawu dzeɖoɖoa nu. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu agblɔ be, “Ne metrɔ va la, adzɔ dzi nam be míadzro ale si Biblia ɖo nyabiase si nye ‘Nu kae nye Mawu ƒe tameɖoɖo na anyigba la?’ ŋu me.” Emegbe trɔ yi kple Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa eye nàtsɔ axa 4-5 lia fia aƒemenɔla la, alo miadzro ta 3 lia ƒe memama 1-3 me. Alo àte ŋu agblɔ be, “Ne metrɔ va la, adzɔ dzi nam be míadzro Biblia me nyagblɔɖi aɖe si le eme vam fifi laa la me.” Ne ètrɔ yi la, tsɔ agbalẽa ƒe ta 9 lia fia aƒemenɔla la, eye miadzro memama 1-3 me. Alo àte ŋu agblɔ na aƒemenɔla la ko be: “Esesẽna na ame geɖe be woase nu si woxlẽna le Biblia me la gɔme. Ne metrɔ va la, adzɔ dzi nam be magblɔ ale si nàte ŋu awɔ ase wò Biblia gɔme nyuie wu la na wò.” Ne ètrɔ yi la, tsɔ Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa fiae, eye nàwɔ ale si míewɔa nusɔsrɔ̃ kple amewoe la fiae.

4 Biblia me koe ‘ŋɔŋlɔ kɔkɔe’ siwo ate ŋu ana ‘nunya mí hena agbexɔxɔ’ la le. (Tim. II, 3:15) Eya ta mí katã míedi be míakpɔ gome le Nyɔ! ƒe tata tɔxɛ sia mama me dzonɔamemetɔe bene míakpe ɖe amewo ŋu woaka ɖe Biblia dzi!

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe