Tsɔ Ðe Le Eme na Amewo—To Gbeƒãɖeɖe Ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe Me
1 Le ŋutega aɖe si apostolo Yohanes kpɔ me la, ekpɔ mawudɔla aɖe si le dzodzom le dziƒo titina, eye wòle nyanyui mavɔ gblɔm fia “to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kpakple dukɔ sia dukɔ.” (Nyaɖ. 14:6) Ðe míesrɔ̃a mawudɔla la ƒe kpɔɖeŋu to gbeƒãɖeɖe ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe mea? Ate ŋu adzɔ be míanɔ susu vɔ̃ bum ɖe ame aɖewo ŋu alo anɔ nazã bum ɖe wo ŋu le manyamanya me. Alesi míebua amesiwo míedoa goe la ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe alesi míegblɔa nyanyuia na woe dzi. Eyata ehiã be míaɖe ɖetsɔleme vavãtɔ afia ne míele gbeƒã ɖem na amesiwo tso teƒe bubuwo.
2 Lé Ŋku Ðe Amesiwo Le Wò Anyigbamama Me Ŋu: Ðe dukɔ bubu me tɔwo alo sitsoƒedilawo le wò anyigbamama mea? Ate ŋu adzɔ be míagblẽ wo ɖi. Di amesiawo eye nàdze agbagba adze si wo nyuie. Nukawoe nye woƒe nuhiahiãwo kple nudidiwo, nusiwo wolɔ̃na kple nusiwo womelɔ̃na o, nusiwo ŋu wotsia dzi ɖo kple nusiwo ŋu wobua nazã le? Dze agbagba nàtrɔ asi le wò Fiaɖuƒegbedasia ŋu wòasɔ ɖe woƒe nɔnɔmewo nu. (Kor. I, 9:19-23) Abe apostolo Paulo ene la, ele be míalɔ̃ ɖe edzi be míaƒe agbanɔamedzie wònye be míagblɔ nyanyuia na amesiame si le míaƒe anyigbamama me, woɖanye dukɔ bubu me tɔwo, woƒe dekɔnuwo to vovo, wodoa gbe bubu, alo nye kesinɔtɔwo o.—Rom. 1:14.
3 Aleke nàwɔ aɖe gbeƒã na amesi doa gbe bubu? Zã agbalẽvi si nye Good News for People of All Nations. Àte ŋu atsɔ trakt alo agbalẽ gbadza siwo le gbegbɔgblɔ siwo wodona le wò anyigbamama me wu la hã ɖe asi. (Kpɔ July 2003 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, axa 8, mm. 2-3.) Azɔ hã, gbeƒãɖela aɖewo dze agbagba srɔ̃ alesi wodoa gbe na ame kple alesi wogblɔa ɖaseɖinya bɔbɔe aɖe le gbe bubu aɖewo me. Ewɔa dɔ ɖe amewo dzi zi geɖe ne wokpɔe be ame aɖe le agbagba dzem be yeaƒo nu na yewo le yewo degbe me, ne nya ʋɛ aɖewo koe wòte ŋu gblɔ gɔ̃ hã, eye esia te ŋu nana woɖoa to nyanyuia.
4 Srɔ̃ Yehowa: Ne míedzea agbagba ɖea gbeƒã na amesiwo tso teƒe vovovowo la, ekema míele Yehowa, mía Mawu ameŋkumemakpɔla la srɔ̃m, ‘amesi le didim be woaxɔ ame ƒomeviwo katã, bene woava nyateƒe ƒe sidzedze la me.’—Tim. I, 2:3, 4.