INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 1/07 axa 5
  • Nutome Sue Takpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nutome Sue Takpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nutome Sue Takpekpe ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Nutome Sue Takpekpe Si Akpe Ðe Mía Ŋu Míakpɔ Míaƒe Gbɔgbɔmemenyenye Ta
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
  • Ŋkeke Ðeka Takpekpe Tɔxɛ Ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
  • ‘Nuɖuɖu Le Ɣeyiɣi Nyuitɔ Dzi’
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
km 1/07 axa 5

Nutome Sue Takpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye

Xexeame adi be yeana míaxɔe ase be nuɖoanyi sia ayi edzi anɔ anyi tegbee. Gake nya bubu kurae Mawu ƒe Nya la ya gblɔ na mí. (Yoh. I, 2:15-17) Ena míese egɔme be ‘kesinɔnuwo dzadzra ɖo le anyigba dzi’ nye nu dzodzrowo yome titi. Bene woado ŋusẽ mí Mawu ƒe amewo la, ƒe 2007 subɔsubɔƒea ƒe nutome sue takpekpea aƒo nu tso tanya si nye “Midzra Nu Nyuiwo Ðo . . . le Dziƒo” ŋu.—Mat. 6:19, 20.

Ŋutilãmenudidi vivivo ƒe nukpɔsusu kpe ɖe nusiwo Efesotɔwo 2:2 yɔ be “yameŋusẽ ƒe fia, si nye gbɔgbɔ, si le ŋu sẽm azɔ le vi sẽtowo me” la ŋu. Abe alesi ko ya ŋutɔŋutɔ si míegbɔna la le afisiafi ene la, nenema ke ‘xexeame ƒe gbɔgbɔ’ hã xɔ aƒe ɖe nuɖoanyi sia mee. (Kor. I, 2:12) Esi wònye be eƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi nu sẽ ŋutɔ tae wogblɔ tso eŋu be ŋusẽ le eŋu ɖo. Nutome sue takpekpe ƒe ɖoɖowɔɖi yeyea akpe ɖe mía ŋu be míaƒo asa na xexeame ƒe ŋutilãmenudidi ƒe nukpɔsusua, ahalé fɔ ɖe nusiwo le vevie wu la ŋu. (Mat. 6:33) Azɔ hã, takpekpea akpe ɖe mía ŋu be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu esi míele míaƒe subɔsubɔdɔa wɔm togbɔ be míado go nyaƒoɖeamenu kple tetekpɔwo hã.

Dze agbagba nàde ŋkeke evea katã eye ‘nàlé to ɖe nusiwo nèse la ŋuti geɖe wu.’ (Heb. 2:1) De dzesi nya vevi siwo ŋudɔ nàdi be yeawɔ le wò agbenɔnɔ me kple le wò gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔwɔ me. Ne èkpɔ gome le gbɔgbɔmenunyiame ƒe ɖoɖo nyui sia me tso eƒe gɔmedzedze vaseɖe nuwuwu la, ado ŋusẽ wò ahade dzi ƒo na wò be nàyi edzi ‘adzra nu nyuiwo ɖo na ɖokuiwò le dziƒo!’

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe