Ŋkeke Ðeka Takpekpe Tɔxɛ Ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye
Esi gbɔgbɔ kɔkɔea do ŋusẽ ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo la, wotsɔ dzonɔameme si nu metsina o ɖe gbeƒã nyanyuia wòde didiƒe ke. (Dɔw. 1:8; Kol. 1:23) Ƒe 2007 subɔsubɔƒea ƒe ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛ si ƒe tanyae nye “Lé Nya la Me Ðe Asi Veviedodotɔe,” akpe ɖe mía ŋu be míasrɔ̃ woƒe kpɔɖeŋu nyui la.—Dɔw. 18:5.
Esi Fia Dawid nɔ nu ƒom tso Mawu ƒe nya ŋu la, egblɔ be: “Yehowa ƒe ɖaseɖiɖi le eteƒe, enana bometsilawo dzea nunya.” (Ps. 19:8) Ƒe 2007 ƒe ŋkeke ɖeka takpekpe si ŋu wotrɔ asi le etɔxɛe la ate gbe ɖe asixɔxɔ si le Ŋɔŋlɔawo zazã hena nuwo “ɖɔɖɔɖo” ŋu dzi, eye ade dzi ƒo na mí be míazã Mawu ƒe Nya la atsɔ awɔ míaƒe gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa, ahawɔe kple hiahiã kpata ƒe susu. (Tim. II, 3:16, 17) Ðoɖowɔɖi yeyea afia alesi Biblia me gɔmeɖosewo dzi wɔwɔ gbesiagbe le míaƒe agbe me ana míaƒo asa na afɔkuwoe be eme nanyo na mí. Agakpe ɖe mía ŋu be míazã Mawu ƒe Nya la atsɔ akpe ɖe sɔhɛwo kple ame yeyewo ŋu be woayi ŋgɔ le gbɔgbɔ me.
Kpɔ egbɔ be nènɔ anyi hafi wodze ɖoɖowɔɖia gɔme, eye nàlé to ɖe nyawo ŋu nyuie. De dzesi nya vevi siwo ŋudɔ nàdi be yeawɔ le wò agbenɔnɔ me. Ðe ŋudzedzekpɔkpɔ fia ɖe nufiame kple ŋkuɖodzinya siwo nèse ŋu, eye nàde ŋugble le alesi nàtsɔ nusiwo nèsrɔ̃ ade dɔwɔwɔ mee ŋu.
Míaƒe ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛa ana míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Mawu ƒe Nya la ŋu nadzi ɖe edzi, aɖo ŋku edzi na mí be ehiã be míayi edzi aɖe gbeƒã Fiaɖuƒenyanyuia veviedodotɔe, eye wòafia mí alesi míakpe ɖe amewo ŋu be woawo hã nawɔe nenema. Eyata ɖoe kplikpaa be gbɔgbɔ me mɔfiame kple nufiame siwo Yehowa ana le takpekpe sia me la ƒe ɖeke nagato ŋuwò o!—Yes. 30:20b, 21.