INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 10/06 axa 1
  • Nukae Nètsɔ Ðo Nɔƒe Gbãtɔ?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nukae Nètsɔ Ðo Nɔƒe Gbãtɔ?
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Èlɔ̃am Wu Esiawoa?”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2017
  • Ðe Wò Modzakaɖeɖe Ðea Vi Na Wòa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Mègana Naneke Nate Wò Ðe Aga Tso Yehowa Gbɔ O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Wɔ Ɣeyiɣia Ŋudɔ Nyuie
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
km 10/06 axa 1

Nukae Nètsɔ Ðo Nɔƒe Gbãtɔ?

1 Aleke nàɖo biabia ma ŋui? Enye nyateƒe be, mí katã míedi be míatsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo aɖo nɔƒe gbãtɔ ya. (Mat. 6:33) Gake mía dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu bia eɖokui be, ‘Ðe tiatia siwo mewɔna ɖenɛ fiana be, metsɔe ɖo nɔƒe gbãtɔ nyateƒea?’ Biblia de dzi ƒo na mí be: ‘Miyi edzi mianɔ mia ɖokui dom kpɔ.’ (Kor. II, 13:5) Aleke míawɔ aka ɖe edzi be míetsɔa Fiaɖuƒea ɖoa nɔƒe gbãtɔ?

2 Míaƒe Ɣeyiɣiwo Zazã: Míate ŋu adze egɔme kple ŋugbledede le alesi míezãa míaƒe ɣeyiɣiwoe ŋu. (Ef. 5:15, 16) Ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme kae míezãna kwasiɖa sia kwasiɖa tsɔ kpɔa gome le hadomenuwɔnawo me, tsɔ kpɔa television, tsɔ nɔa Internet ŋu, alo tsɔ wɔa modzakaɖedɔ aɖe? Ne míeŋlɔ ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si míezãna ɖe nu mawo ŋu ɖi hetsɔe sɔ kple ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si míezãna ɖe gbɔgbɔmedɔwo ŋu la, ɖewohĩ awɔ nuku na mí. Ðe míegblẽa subɔsubɔdɔ kɔkɔea ɖi henɔa dɔwɔwɔ dzi atraɖii kple susu be dzidzɔdonamenuwo nasu mía sia? Zi nenie míedoa kpo kpekpeawo kple gbeadzi dede hezɔa mɔ le kwasiɖanuwuwuwo hena modzakaɖeɖe?

3 Ðo Nusiwo Le Vevie Wu Nɔƒe Gbãtɔ: Ɣeyiɣi mesuna na mía dometɔ akpa gãtɔ be míatsɔ awɔ nusianu si míedi be míawɔ o. Eyata ne míedi be míatsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo aɖo nɔƒe gbãtɔ la, ehiã be míade ŋugble le nusiwo le vevie na mí ŋu, eye míaɖo ɣeyiɣi ɖi na ‘esiwo le vevie wu.’ (Fil. 1:10, NW) Nu vevi siawo dometɔ aɖewoe nye Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃, gomekpɔkpɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa me, beléle na míaƒe ƒomea, kple Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede. (Ps. 1:1, 2; Rom. 10:13, 14; Tim. I, 5:8; Heb. 10:24, 25) Nuwɔna bubuwo, abe kamedede vie kple modzakaɖeɖe ɖɔʋuwo ene, hã ɖea vi. (Mar. 6:31; Tim. I, 4:8) Gake mele be míaɖe mɔ nuwɔna siawo siwo mele vevie ale o nava xɔ ɖe gbɔgbɔmenuwo teƒe o.

4 Nɔviŋutsu sɔhɛ aɖe dze agbagba tsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖo nɔƒe gbãtɔ to eɖokui ƒoƒo ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me me tsɔ wu be wòade suku kɔkɔ esi ana wòakpɔ dɔ gã aɖe awɔ. Esrɔ̃ gbe bubu, eye wòʋu yi afisi hiahiã geɖe wu le. Egblɔ be: “Mele dzidzɔ manyagblɔ aɖe kpɔm le afisia. Subɔsubɔdɔa wɔwɔ le vivim ŋutɔ! Medi vevie be sɔhɛ ɖesiaɖe nawɔ nusi wɔm mele, bena woawo hã nakpɔ dzidzɔ si kpɔm mele. Naneke menyo wu mía ɖokui tsɔtsɔ na bliboe le Yehowa subɔsubɔ me o.” Nyateƒee, Fiaɖuƒea ƒe nuwo tsɔtsɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ hea yayrawo vɛ na mí, gake esi gale vevie wue nye be, edoa dzidzɔ na mía Fofo si le dziƒo, Yehowa.—Heb. 6:10.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe