INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 9/05 axa 1
  • Wɔ Ɣeyiɣia Ŋudɔ Nyuie

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Wɔ Ɣeyiɣia Ŋudɔ Nyuie
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Na Ðiɖiɖeme Nanɔ Nɔƒe si Sɔ
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
  • Alesi Míawɔ Aƒle Ɣeyiɣi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Ðe Wò Modzakaɖeɖe Ðea Vi Na Wòa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Nukae Nètsɔ Ðo Nɔƒe Gbãtɔ?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
km 9/05 axa 1

Wɔ Ɣeyiɣia Ŋudɔ Nyuie

1 Didi be míadze Yehowa ŋu ʋãa mí míetsɔna míaƒe agbe ɖoa anyi hena Fiaɖuƒea ƒe dɔwo wɔwɔ. Eƒe Nya la xlɔ̃ nu mí be ‘míadi mawufiaɖuƒe la gbãgbiagbã’ eye be ‘míaƒe susu nanɔ nusiwo le vevie wu la ŋuti.’ (Mat. 6:33; Fil. 1:10, NW) Aleke míate ŋu aƒle ɣeyiɣi hena Fiaɖuƒea ƒe dɔwo bena numaɖinuwo nagaxɔ nɔƒe gbãtɔ o?—Ef. 5:15-17.

2 Da Fiaɖuƒea ƒe Dɔwo Ðe Nɔƒe Gbãtɔ: Wɔ ɖoɖowo nyuie be nàgagblẽ wò ɣeyiɣiawo katã ɖe nusiwo mehiã tututu o la ŋu o. Ame aɖewo tiana ŋkeke aɖewo koŋ le ɣletia me tso ɣletia ƒe gɔmedzedze ke na gbeadziyiyi, eye womeɖea mɔ nu bubuwo gblẽa ɖoɖo sia me o. Nenema kee wòle be wòanɔ le ɖokuisinusɔsrɔ̃, kpekpewo, kple takpekpewo dede hã gɔme. Ame geɖewo wɔ ɖoɖo xlẽa Biblia gbesiagbe le ŋdi alo fiẽ me. Ðo ɣeyiɣi ɖi koŋ na wɔna vevi siawo dometɔ ɖesiaɖe eye megaɖe mɔ numaɖinuwo nagblẽ wo me o.—Nyagb. 3:1; Kor I, 14:40.

3 Megaƒo Ðokuiwò Ðe Xexeame ƒe Nuwɔnawo me Akpa O: Le dukɔ aɖewo me la, kamedefefe, dzidzɔdonamenuwo, modzakaɖeɖe, kple nuwɔna bubuwo bɔ fũ. Ame geɖe gblẽa ɣeyiɣi si gbɔ eme akpa ɖe television kpɔkpɔ alo ɖe kɔmpiuta zazã ŋu. Gake, ame ɖokui ƒoƒo ɖe modzakaɖenuwo me atraɖii kpakple nutovɛ siwo le tsia dzi yometiti fũ kplɔna ame dea nuxaxa me mlɔeba. (Yoh. I, 2:15-17) Esia tae Ŋɔŋlɔawo xlɔ̃ nu mí be míagaƒo mía ɖokui ɖe xexeame ƒe nuwɔnawo me akpa o ɖo. (Kor. I, 7:31) Ne míewɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo nyui sia dzi la, míaɖee afia be Yehowa subɔsubɔe nye nu vevitɔ na mí le agbe me.—Mat. 6:19-21.

4 Esusɔ vie ko fifi nuɖoanyi sia nawu enu. Amesiwo da Fiaɖuƒea ƒe dɔwo ɖe nɔƒe gbãtɔ akpɔ dzidzɔ eye Mawu ƒe amenuveve anɔ kpli wo. (Lod. 8:32-35; Yak. 1:25) Eyata mina míawɔ kesinɔnu xɔasi sia si nye míaƒe ɣeyiɣi ŋudɔ nyuie.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe