INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 10/06 axa 1
  • Kpe Ðe Amewo Ŋu Woazu Mawu Xɔlɔ̃wo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kpe Ðe Amewo Ŋu Woazu Mawu Xɔlɔ̃wo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Alesi Nàwɔ Ate Ðe Mawu Ŋu
    Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me
  • Te Ðe Mawu Ŋu le Gbedodoɖa Me
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Nukata Wòle Be Míado Gbe Ða Madzudzɔmadzudzɔe?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • Dzilawo—Mikpe Ðe Mia Viwo Ŋu Woalɔ̃ Yehowa
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
km 10/06 axa 1

Kpe Ðe Amewo Ŋu Woazu Mawu Xɔlɔ̃wo

1 Wole Yehowa ƒe mɔwo fiam amewo le dukɔwo katã me egbea. (Yes. 2:2, 3) Gake, be amesiawo “natse ku le dzigbɔɖanyi me la,” ele be woalɔ̃ Yehowa. (Luka 8:15; Mar. 12:30) Lɔlɔ̃ sia manɔmee la, womate ŋu akpɔ ŋusẽ atsɔ anɔ te ɖe ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽwo nu alo akpɔ dzideƒo awɔ nusi le dzɔdzɔe o. Mɔ aɖe si dzi míato akpe ɖe amewo ŋu woana ƒomedodo nyui nanɔ woa kple Yehowa domee nye to nana be woakpɔ ŋudzedze ɖe eƒe nɔnɔmewo ŋu me. De dzi ƒo na wo be woade ŋugble vevie le nya siwo le Te Ðe Yehowa Ŋu gbalẽa me ŋu.

2 Wò Kpɔɖeŋu: Nusiwo nèwɔna ate ŋu akpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe wò Biblia-nusrɔ̃viwo dzi. Ne wokpɔe be èdea asixɔxɔ mia kple Yehowa dome ƒomedodoa ŋu vevie kple alesi ƒomedodo ma kpɔa ŋusẽ ɖe wò agbenɔnɔ dzii la, ate ŋu aʋã wo be woawo hã woatu ƒomedodo ma tɔgbe ke ɖo ɖe woa kple Yehowa dome. (Luka 6:40) Nyateƒee, zi geɖe la, míaƒe kpɔɖeŋuwo kpɔa ŋusẽ ɖe amewo dzi wu míaƒe nyagbɔgblɔwo.

3 Mɔ vevi si dzi dzilawo tona fiaa wo viwo be woalɔ̃ Yehowa ye nye woa ŋutɔwo ƒe kpɔɖeŋu nyui ɖoɖo. (Mose V, 6:4-9) Atsu kple asi aɖe siwo di be yewoahe yewo viwo le nyateƒea me la bia aɖaŋuɖoɖo tso dzila kpɔdzidzedzewo gbɔ. Srɔ̃ŋutsua gblɔ be: “Dzilawo ŋutɔ ƒe kpɔɖeŋu nyui ɖoɖo koŋ dzie wo katã wote gbe ɖo.” Eyata dzilawo ate ŋu ato woƒe agbemenuwɔna ɖesiaɖe dzi aɖo kpɔɖeŋu ɖɔʋuwo na wo viwo le alesi woawɔ azu ‘Yehowa xɔlɔ̃e’ gome.—Yak. 2:23.

4 Gbedodoɖa tso Dzime: Àte ŋu akpe ɖe amewo ŋu hã be woadze xɔlɔ̃ Yehowa to alesi nàfia wo be woado gbe ɖa tso dzi mee me. Àte ŋu ahe woƒe susu yi Yesu ƒe kpɔɖeŋugbedodoɖaa, kple gbe bubu siwo wodo ɖa tso dzi blibo me, siwo woŋlɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo me, dzi. (Mat. 6:9, 10) Àte ŋu ato wò ŋutɔ wò gbedodoɖawo dzi afia viwò kple wò Biblia-nusrɔ̃viwo alesi woado gbe ɖae. Ne wose nya siwo nègblɔna tso dzi me le gbedodoɖa me la, woakpɔ alesi nèsena le ɖokuiwò me ɖe Yehowa ŋu la adze sii. De dzi ƒo na wo be ‘woanɔ gbedodoɖa dzi vevie’ ne wole xaxawo me tom. (Rom. 12:12) Ne wova le dzesi dem Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu le ɣeyiɣi sesẽwo me la, ana woava nɔ ŋu ɖom ɖe eŋu ahalɔ̃e abe xɔlɔ̃ vavã ene.—Ps. 34:9; Fil. 4:6, 7.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe