Ðokuitsɔtsɔna Ƒe Gbɔgbɔ Hea Yayra Vɛ
1. Aleke Dawid kple Nexemya ɖe ɖokuitsɔtsɔna ƒe gbɔgbɔ fiae?
1 Esi Goliat ɖe alɔme le Israel-viwo ƒe aʋalɔgowo ŋu la, asrafoawo dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu atsɔ eɖokui ana akpe aʋa kplii hafi. Gake alẽkplɔvi aɖe, si mexɔ hehe aɖeke le aʋawɔwɔ me o, ye tsɔ eɖokui na be yeakpe kplii. (Sam. I, 17:32) Esime Yudatɔ siwo woɖe aboyoe trɔ yi Yerusalem gake wogbe gliawo gbugbɔgatu la, Persia-fia ƒe ahakulae lɔ̃ faa tsɔ eɖokui na, ɖe asi le bubunɔƒe ma ŋu le fiasã me, hezɔ mɔ va Yerusalem be yeava wɔ ɖoɖo ɖe dɔa ŋu. (Nex. 2:5) Yehowa yra ŋutsu eve siawo, Dawid kple Nexemya, ɖe nɔnɔme si woɖe fia la ta.—Sam. I, 17:45, 50; Nex. 6:15, 16.
2. Nu ka tae wòle be Kristotɔwo naɖe ɖokuitsɔtsɔna ƒe gbɔgbɔ afia?
2 Ame ɖokui tsɔtsɔ na faa hena dɔ aɖe wɔwɔ megabɔ le xexeame egbea kura o. Le ‘ŋkeke mamlɛ’ siawo me la, vovo megale amewo ŋu kura o, eye wo dometɔ geɖewo hã nye “ɖokuilɔ̃lawo.” (Tim. II, 3:1, 2) Ele bɔbɔe be ame nanyrɔ eɖokui ɖe eya ŋutɔ ƒe nudidiwo ɖeɖeko me ale gbegbe be wòaŋe aɖaba aƒu mɔnukpɔkpɔ siwo aʋu ɖi nɛ be wòatsɔ eɖokui ana akpe ɖe ame bubuwo ŋu la dzi kuraa. Gake esi míenye Kristotɔwo ta la, míedina vevie be míasrɔ̃ Yesu, ame si tsona le eɖokui si kpena ɖe amewo ŋu faa, la ƒe kpɔɖeŋu. (Yoh. 5:5-9; 13:12-15; Pet. I, 2:21) Aleke míate ŋu aɖe ɖokuitsɔtsɔna ƒe gbɔgbɔ afiae, eye yayra kawoe ado tso eme na mí?
3. Aleke ɖokuitsɔtsɔna ƒe gbɔgbɔ wɔnɛ be hame ƒe kpekpewo yia edzi nyuie?
3 Ðe Mía Nɔviwo Ta: Míate ŋu ana “gbɔgbɔ me nunana” aɖe mía nɔviwo to ale si míalɔ̃ faa aɖo nya ŋu le kpekpewo me la me. (Rom. 1:11) Nyaŋuɖoɖo dea bubu Yehowa ŋu, enana be nyateƒea tsia míaƒe susu kple dzi me wu, eye wòwɔnɛ be míesea vivi le kpekpeawo me. (Ps. 26:12) Míate ŋu atsɔ mía ɖokui ana hã be míawɔ nɔvi aɖe si mete ŋu va kpekpea o la ƒe dɔdasi le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me. Esia akpe ɖe mía ŋu be míadzi míaƒe nufiafia ƒe ŋutete ɖe edzi.
4. Mɔ bubu kawo hã nue míate ŋu aɖe ɖokuitsɔtsɔna ƒe gbɔgbɔ afia le?
4 Nɔviŋutsuwo ate ŋu aɖe ɖokuitsɔtsɔna ƒe gbɔgbɔ afia to ale si woaku kutri le mɔ nyuitɔ nu be woadze na hamea me gbanɔamedziwo xɔxɔ me. (Yes. 32:2; Tim. I, 3:1) Mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu awɔe be nuwo nayi edzi nyuie le takpekpe suewo kple gãwo me, to ale si míatsɔ mía ɖokui ana faa hena dɔwɔwɔ le dɔwɔƒe vovovoawo me. Ne míelɔ̃na faa be míawɔ dɔ kple dzikpɔla mɔzɔla le gbeadzi alo aɖa nu nɛ la, eʋua mɔnukpɔkpɔ ɖi na mí be ‘míade dzi ƒo na mía nɔewo.’ (Rom. 1:12) Ne míelɔ̃na faa be míakpe ɖe tsɔ̃eviwo, ahosiwo, dɔnɔwo kple ŋusẽmanɔŋutɔwo, vidada siwo si ɖevi suewo le, kple ame bubu siwo le hamea me ŋu la, ewɔnɛ be míekpɔa dzidzɔ eye Yehowa hã kpɔa ŋudzedze ɖe mía ŋu.—Lod. 19:17; Dɔw. 20:35.
5. Go kawo mee wòahiã le be woatsɔ ame ɖokui ana le Fiaɖuƒe Akpata ŋu nyawo me?
5 Mɔ bubu si nu míate ŋu atsɔ míaƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ ana faa le lae nye ale si míakpe asi ɖe Fiaɖuƒe Akpata me kpɔkplɔ kple beléle nɛ ŋu. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, esi wònye be ame geɖe le nyateƒea xɔm ta la, Fiaɖuƒe Akpata yeyewo tutu kple ame siwo atsɔ wo ɖokui ana le wo tutu me la va le hiahiãm ale gbegbe. Nɔviŋutsu aɖe kple srɔ̃a tsɔ wo ɖokui na be yewoakpe asi ɖe xɔtudɔwo ŋu togbɔ be womenya nu tso xɔtutu ŋu o hã. Vivivi la, wona hehe atsu kple asi sia, eye wote ŋu ɖoa gli nyuie fifia. Srɔ̃nyɔnua gblɔ be: “Dɔwɔwɔ aduadu kple ame bubuwo wɔe be mía kpli wo míava zu xɔlɔ̃ kplikplikpliwo. Ne míekpã le ŋkekea me la, togbɔ be ɖeɖi tea mía ŋu hã la, dzo yeye gaɖoa mía me le gbɔgbɔ me.”
6. Nu ka tae gbeƒãɖeɖedɔa nye lɔlɔ̃nu faa ƒe dɔ vevitɔ kekeake si míate ŋu awɔ?
6 To Gbeƒãɖeɖe Me: Lɔlɔ̃nu faa dɔ vevitɔ kekeake si ame ate ŋu atsɔ eɖokui aɖo anyi awɔ egbeae nye Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa. Ne míekpe ɖe amewo ŋu wose Biblia me nuxlɔ̃amewo gɔme hetsɔ wo de dɔwɔna me la, enana tameɖoɖo va nɔa woƒe agbe ŋu, eye wòkpena ɖe wo ŋu hã be woaʋli sesĩe aɖu numame gbegblẽwo dzi. Wova kpɔa etsɔme mɔkpɔkpɔ dodzidzɔname si ƒe ŋugbe Biblia do la dzea sii. Ne míezãa Biblia tsɔ naa hehe amewo la, enyea gomekpɔkpɔ le lɔlɔ̃nu faa ƒe dɔ dodzidzɔname aɖe si ƒe viɖewo nɔa anyi ɖaa la me. (Yoh. 17:3; Tim. I, 4:16) Ðewohĩ míaƒe nɔnɔmewo aɖe mɔ na mí be míawɔ geɖe wu le dɔ sia me, to kpekpeɖeŋu alo gbe sia gbe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ, ʋuʋu yi teƒe si hiahiã geɖe wu le, alo gbe bubu sɔsrɔ̃ me.
7. Nu ka tae ɖokuitsɔtsɔna hiã vevie ŋutɔ egbea?
7 Fia Dawid gblɔe ɖi be, le ɣeyiɣi si me Mesia la adze eƒe dziɖuɖu gɔme la, Mawu ƒe amewo ‘atsɔ wo ɖokui ake’ faa. (Ps. 110:3) Esi wònye be Yehowa le tsɔtsɔe dom gbɔgbɔmenuŋeŋedɔ mamlɛ sia ta la, dɔ geɖe ŋutɔ li siwo wòahiã be míatsɔ mía ɖokui ana faa awɔ. (Yes. 60:22) Ègblɔ be: “Nyee nye esi, dɔm,” kpɔa? (Yes. 6:8) Le nyateƒe me la, ne míeɖea ɖokuitsɔtsɔna ƒe gbɔgbɔ fiana la, edoa dzidzɔ na Yehowa eye wòhea yayra geɖe vɛ na mí.