Srɔ̃ Nufiala Gã La Ne Èle Biblia Ƒe Nufiafia Gbalẽa Zãm
1. Ale ke Yesu fia nui?
1 Yesu, si nye Nufiala Gã La, zã nya siwo me kɔna tsɔ ɖea nuwo me le mɔ bɔbɔe si gɔme nya sena la nu. Ɣeaɖewoɣi la, be wòana be eƒe nyaselawo nade ŋugble nyuie le nu si wòafia ŋu la, ebiana woƒe nukpɔsusu le nya la ŋu gbã. (Mat. 17:24-27) Ehe amewo ƒe susu yi Mawu ƒe Nya la dzi. (Mat. 26:31; Mar. 7:6) Eɖɔ ŋu ɖo be metsɔ nya gbogbowo do agbae na eƒe nusrɔ̃lawo o, elabena enyae be woava srɔ̃ nu geɖewo emegbe. (Yoh. 16:12) Nu si hã nɔ vevie na Yesu ye nye ne eƒe nusrɔ̃lawo se nu si fiam wònɔ wo la gɔme hexɔ wo dzi se. (Mat. 13:51) Wotrɔ asi le Biblia Ƒe Nufiafia gbalẽa ŋu be wòakpe ɖe mía ŋu míafia nu le mɔ ma ke nu.
2. Mɔ kawo nue míate azã nyabiase siwo le ta ɖe sia ɖe ƒe gɔmedzedze le?
2 Nya Siwo Wobia Le Taa Ƒe Gɔmedzedze: Ne miedze ta aɖe sɔsrɔ̃ gɔme la, anyo be nàhe nusrɔ̃via ƒe susu ayi nyabiase siwo woŋlɔ ɖe tanya gãa te la dzi. Bia nyabiaseawo le mɔ si ana nusrɔ̃via nabu tame, eye wòadi be yeakpɔ ŋuɖoɖo na wo, la nu. Alo àte ŋu abiae be wòaɖo nyabiaseawo ŋu kpuie. Mahiã be miadzro ŋuɖoɖo siwo wòana la me tsitotsito o, eye mahiã hã be nàɖɔ nya masɔmasɔ ɖe sia ɖe si wòagblɔ la ɖo enumake o. Ðewohĩ akpe koe wòahiã be nàda nɛ ɖe eƒe susu si wòɖe gblɔ ta, eye emegbe miadze nyatia ŋutɔ sɔsrɔ̃ gɔme. Ale si wòɖo nya siwo wobia le taa ƒe gɔmedzedze ŋu la akpe ɖe ŋuwò nànya teƒe siwo wòahiã be nàte gbe ɖo vevie le nua sɔsrɔ̃ me, be nàtsɔ aɖɔ eƒe nukpɔsusu ɖoe.
3. Ale ke míawɔ be nusɔsrɔ̃a gɔme nanya se bɔbɔe?
3 Mawunyakpukpuiwo: Ele be nusɔsrɔ̃a nanɔ te ɖe Biblia dzi. (Heb. 4:12) Gake mahiã be nàxlẽ mawunyakpukpui ɖe sia ɖe si woŋlɔ ɖe agbalẽa me o. Te gbe ɖe esiwo ɖo kpe míaƒe dzixɔsewo dzi la dzi. Ðewohĩ mahiã be miaxlẽ mawunyakpukpui siwo meƒo nu tso nya si me ɖem wole ŋu tẽ o la o. Biblia Ƒe Nufiafia gbalẽa ɖe nyateƒea me le mɔ bɔbɔe nu. Na nusɔsrɔ̃a nanɔ bɔbɔe. Te gbe ɖe nya veviawo dzi, eye ƒo asa na nuƒoƒo fũ akpa tso nyawo ŋu tsitotsito, alo nya siwo meku ɖe nu si me dzrom miele ŋu o la tsɔtsɔ de dzeɖoɖoa me.
4. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míanya nenye be asɔ be míazã ɣeyiɣi aɖe le nua srɔ̃ɣi atsɔ adzro ta aɖe ƒe megbenyawo me?
4 Megbenyawo: Nyati vovovo 14 ŋue megbenyawo ku ɖo, eye wona numeɖeɖe bubuwo tso ta aɖewo me nyawo ŋu. Wò ŋutɔe atiae ne miadzro megbenyawo me le nusɔsrɔ̃ me loo alo miadzro wo me o. Le nyati aɖewo gome la, àte ŋu ade dzi ƒo na nusrɔ̃via be wòaxlẽ megbenyawo le eɖokui si be nu geɖewo me nakɔ nɛ, vevietɔ ne ese nufiame siwo le ta la ŋutɔ me hexɔ wo dzi se. Le kpɔɖeŋu me, ne miedzro ta 4 lia, si ƒe tanyae nye “Amekae Nye Yesu Kristo?” me, eye nusrɔ̃via xɔe se be Yesu ye nye Mesia la, ekema mahiã be miadzro nyati si nye “Yesu Kristo—Mesia si Ŋugbe Wodo,” si dze le megbenyawo me la me o. Le go bubuwo me la, ne miele nua srɔ̃m la, anyo be miadzro megbenyawo me nyati aɖewo me alo woƒe akpa aɖewo me.
5. Ne míedi be míadzro megbenyawo me la, aleke míate ŋu awɔe?
5 Ne èɖoe be yewoadzro megbenya aɖe me la, àte ŋu adzra nyabiase aɖewo ɖo, siwo nàbia nusrɔ̃via le megbenyawo ƒe memamawo xexlẽ vɔ megbe, abe ale si ko miewɔnɛ le ta la ŋutɔ sɔsrɔ̃ me ene. Alo le nusrɔ̃via ƒe hiahiã nu la, àte ŋu atiae be yewoazã miniti ʋɛ aɖewo le ta la ŋutɔ sɔsrɔ̃ me atsɔ adzro megbenyawo me. Esia akpe ɖe ŋuwò nàka ɖe edzi be ese nu si wòxlẽ le eɖokui si do ŋgɔ la gɔme.
6. Aleke míate ŋu azã numetotoɖaka si le ta ɖe sia ɖe ƒe nuwuwui?
6 Numetotoɖaka: Nya siwo le aɖaka si le ta ɖe sia ɖe ƒe nuwuwu la nyea ŋuɖoɖo na nyabiase siwo le taa ƒe gɔmedzedze. Àte ŋu azã nya siawo atsɔ adzro nu vevi siwo miesrɔ̃ le ta ma me la me. Gbeƒãɖela aɖewo de dzesii be, ne yewoxlẽ nya siawo dometɔ ɖe sia ɖe, kple mawunyakpukpui siwo woyɔ kpe ɖe wo ŋu la, eɖea vi na nusrɔ̃via ŋutɔ. Emegbe wobiana nusrɔ̃via be wòaɖe ale si mawunyakpukpuiawo ɖo kpe nya siawo dzii la me. Ale nufialaa nyana nenye be nusrɔ̃via se nusɔsrɔ̃a ƒe nya veviawo gɔme nyuie kple ale si Biblia ɖo kpe wo dzi, kple nenye be exɔ wo dzi se. Esia hã nyea hehenana nusrɔ̃via be wòazã Biblia atsɔ aɖe nyateƒea me na ame bubuwo.
7. Aleke míate ŋu azã Biblia Ƒe Nufiafia gbalẽa atsɔ awɔ dɔ si wode asi na mí la ade goe?
7 Mɔ nyuitɔ kekeake si dzi míato awɔ nufiafia kple nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔa ade goe enye be, míasrɔ̃ Yesu ƒe nufiafiamɔnuwo. (Mat. 28:19, 20) Biblia Ƒe Nufiafia gbalẽa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míawɔe nenema. Zã agbalẽ sia le mɔ nyuitɔ nu nàtsɔ afia nyateƒea amewo be egɔme nanya se na wo, wòanɔ bɔbɔe, eye wòavivi wo nu hã.