Zã Biblia Ƒe Nufiafia Gbalẽa Ƒe Akpa Vovovoawo Nyuie
Ne Biblia nusrɔ̃vi le nu si tututu Biblia fia srɔ̃m eye wòtsɔ nu siwo srɔ̃m wòle le dɔwɔwɔ me dem la, akpe ɖe eŋu be wòatsi le gbɔgbɔ me ahatse ku. (Ps. 1:1-3) Míate ŋu awɔ Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa ƒe akpa vovovoawo ŋu dɔ nyuie atsɔ akpe ɖe míaƒe nusrɔ̃via ŋu wòayi ŋgɔ.
Nya Siwo Wobia Le Tawo Ƒe Gɔmedzedze: Ta ɖe sia ɖe dze egɔme kple nyabiase siwo ŋu woɖo le ta ma me. Àte ŋu axlẽ nyabiase siawo be wòana nu siwo srɔ̃ ge miegbɔna la nadzro nusrɔ̃via. Alo àte ŋu abia tso esi be wòaɖo nyabiaseawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu kpuie. Ne ale si wòɖo nyawo ŋu mesɔ o la, mahiã be nàɖɔe ɖo le ɣeyiɣi sia me o. Ale si wòɖo biabiawo ŋui akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ nusɔsrɔ̃a ƒe akpa siwo ahiã numeɖeɖe deto.—Lod. 16:23; 18:13.
Megbenyawo: Ne nusrɔ̃via se nu si miesrɔ̃ gɔme nyuie helɔ̃ ɖe edzi la, ke àte ŋu ade dzi ƒo nɛ be wòaxlẽ megbenya si gaɖe nu me tso nya ma ŋu la le eɖokui si. Le nusɔsrɔ̃ si gakplɔe ɖo me la, àte ŋu azã miniti ʋɛ aɖewo atsɔ akpɔe ɖa be ese nu siwo wòxlẽ le megbenya me la gɔme hã. Gake ne èkpɔe be aɖe vi nɛ la, àte ŋu atsɔ nusɔsrɔ̃a ƒe ɣeyiɣia ƒe ɖe adzro megbenya la me kplii alo miaxlẽ megbenya ƒe memama aɖewo, eye nàbia biabia siwo ŋu wò ŋutɔ nèdzra ɖo do ŋgɔ lae.
Numetotoɖaka: Nya siwo le aɖaka si le ta ɖe sia ɖe ƒe nuwuwu me la nyea ŋuɖoɖo na nyabiase siwo le ta ma ƒe gɔmedzedze. Àte ŋu azã akpa sia atsɔ akpɔe ɖa be wò nusrɔ̃via se nu vevi siwo miesrɔ̃ le ta ma me la gɔme nyuie eye wòate ŋu aɖe wo me hã. Mixlẽ nya siwo dze le aɖakaa me la dometɔ ɖe sia ɖe ɖekae eye miaxlẽ eŋuti mawunyakpukpuiawo. Emegbe nàbia tso nusrɔ̃via si be wòazã ŋɔŋlɔawo atsɔ aɖe nu si tae nya ma nye nyateƒe la me.—Dɔw. 17:2, 3.