“Aleke Nàɖo Wo Ŋui?”
1. Nu kae sesẽna na mía dometɔ geɖe?
1 Ðe Mawu ƒe Nya la doa dzidzɔ na wò gake nèkpɔe be esesẽna na ye be yeaɖo ŋku Biblia me nudzɔdzɔ aɖewo dzi alo anya afi si tututu wogblɔ nya aɖewo le le Ŋɔŋlɔawo mea? Ðe nàdi be viwòwo nase Biblia ƒe gɔmedzenufiafiawo gɔme nyuie wua? Nyati si nye “Aleke Nàɖo Wo Ŋui?” si wotana ɖe Nyɔ! ƒe axa 31 lia la ate ŋu akpe ɖe mí katã, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa, ŋu be míase Mawu ƒe Nya la gɔme nyuie wu.—Dɔw. 17:11.
2. Aleke míate ŋu azã “Aleke Nàɖo Wo Ŋui?” ƒe nyatia ƒe akpa vovovoawoe?
2 Aleke nàte ŋu ana be nyati siawo nanɔ vi geɖe ɖem na woe? January-March 2006, ƒe Nyɔ! ɖo aɖaŋu sia be: “Trɔ ɖe . . . axa 31 ŋu nàkpɔ. Nu siwo le afi ma ƒe akpa aɖewo ado dzidzɔ na ɖeviwo. Eƒe akpa bubuwo ado ame siwo Biblia sɔsrɔ̃ dzɔa dzi na la ƒe susu akpɔ. Le kpɔɖeŋu me, akpa si nye ‘Ɣekaɣie Wòdzɔ?’ akpe ɖe ŋuwò nànya ɣeyiɣi si me ame siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe la nɔ anyi, kple ɣeyiɣi si me nu vevi aɖewo dzɔ. Woata biabiawo dometɔ geɖe ƒe ŋuɖoɖowo ɖe axa bubu dzi ahatrɔ woƒe ta atu. Gake woakpɔ akpa si nye ‘Tso Tata Sia Me’ me biabiawo ƒe ŋuɖoɖowo le magazinea me nyati vovovoawo me. Ðe manyo ŋutɔ be nàwɔ numekuku tso biabiawo ŋu hafi akpɔ ŋuɖoɖoawo ale be nàte ŋu aka nu siwo nèsrɔ̃ ta na ame bubuwo oa? Miate ŋu azã ‘Aleke Nàɖo Wo Ŋui?’ ƒe nyati yeye siawo le miaƒe Biblia me dzodzro me le ƒomea me alo le ƒuƒoƒo kple xɔlɔ̃wo me.”
3. Aleke nyati sia le vi ɖem na ƒome aɖewoe, eye eƒe akpa kawoe vivia nuwò wu?
3 Ƒome geɖewo le vivi sem le nyati siawo tsɔtsɔ wɔ ƒome nusɔsrɔ̃ ƒe akpa vevi aɖee me. Vidada aɖe gblɔ be: “Mía kple srɔ̃nye míekpɔe be anyo ŋutɔ be míatsɔ nyatia ƒe akpa si wona tanyae be, ‘Ðeviwo Nadi Nɔnɔmetata Siawo,’ [le Eŋlisigbe me tɔ me] ade míaƒe ƒomenusɔsrɔ̃a me be wòana nusɔsrɔ̃a navivi mía vinyɔnuvi si xɔ ƒe etɔ̃ la nu. Edzɔa dzi na mí ŋutɔ ne míekpɔe wòle eya ŋutɔ ƒe Nyɔ! ƒe axa ɖe sia ɖe kem dzidzɔtɔe va se ɖe esime wòke ɖe nɔnɔmetata si dim wòle la ŋu.” Vifofo aɖe si le Brazil gblɔ be: “Nyɔ! ƒe akpa sia doa dzidzɔ na mía kple vinyeŋutsuvi, Moises, si xɔ ƒe adre la ŋutɔ. Ekpe ɖe eŋu wòɖoa to nyuie, xlẽa mawunyakpukpuiwo, sea fotowo gɔme, hesea Biblia me ɣletiŋkekewo hã gɔme.” Ashley, si xɔ ƒe enyi, ŋlɔ bena: “Akpe na mi ɖe ‘Aleke Nàɖo Wo Ŋui?’ ƒe nyati si dzena le Nyɔ! ƒe axa mamlea me la ta. Nyati sia kpe ɖe ŋunye ŋutɔ be mesrɔ̃ nu geɖe tso Biblia me.”
4. Aleke ƒomewo ate ŋu adzro nyati sia me atsɔ akpe ɖe woƒe ƒome Biblia nusɔsrɔ̃ ŋui?
4 Ðe manyo ŋutɔ be miadzro “Aleke Nàɖo Wo Ŋui?” me le miaƒe ƒomenusɔsrɔ̃ me ɣeaɖewoɣi oa? Miate ŋu azã Index (nyawo diƒe) alo azã Watchtower Library si le CD-ROM dzi atsɔ adi ŋuɖoɖowo na nyabiase siwo sesẽ. Ne miewɔe alea la, ke ale si woawɔ numekukui enye ma fiam miele mia viwo. Ne ƒewuiviwo le mia si la, ɖe manyo ŋutɔ be miana woa ŋutɔwo nawɔ numekuku do ŋgɔ na miaƒe ƒomenusɔsrɔ̃a atsɔ adi ŋuɖoɖo na “Amekae Menye?” alo “Ɣekaɣie Wòdzɔ?” ƒe biabiawo oa? Ekema woate ŋu agblɔ ŋuɖoɖo siwo ŋu woke ɖo le woƒe numekukua wɔwɔ me la na ƒomea me tɔ mamleawo le nua srɔ̃ɣi. Nyɔ! ƒe nyati sia zazã nyuie nye mɔ ɖeka aɖe si dzi dzilawo ate ŋu ato afia Mawu ƒe Nya la wo viwo, ẽ woakpe ɖe wo ŋu be woanya “ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo” tso ɖevime ke.—Tim. II, 3:15; Mose V, 6:7.