(1) Bia Nya, (2) Xlẽ Mawunyakpukpui, eye (3) He Susu Yi Ta si Sɔ Dzi
Mɔ bɔbɔe si dzi nàto ana Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? gbalẽa ye nye (1) nàbia nya si ana aƒemenɔlaa nagblɔ eƒe susu, (2) nàxlẽ mawunyakpukpui aɖe si sɔ, eye (3) nàhe eƒe susu ayi ta aɖe si me wodzro nya si nèbia me le dzi, to nyabiase siwo le ta ma ƒe memama gbãtɔ tame la xexlẽ me. Ne aƒemenɔlaa tsɔ ɖe le nyaa me la, àte ŋu azã ta ma ƒe memama gbãtɔawo atsɔ afiae alesi míewɔa Biblia-nusɔsrɔ̃e. Míate ŋu azã mɔnu sia atsɔ adze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme le yiyi zi gbãtɔ me loo alo le tɔtrɔyiwo wɔwɔ me.
◼ “Èsusu be anya wɔ be amegbetɔwo ate ŋu ava nya mía Wɔla ŋusẽkatãtɔ la abe alesi Biblia gblɔe le afisia enea?” Xlẽ Dɔwɔwɔwo 17:26, 27. Gahe susu yi nyabiasea dzi eye nàɖe mɔ wòaɖo eŋu. Emegbe he eƒe susu yi ta 1 dzi.
◼ “Le kuxi gbogbo siwo me tom míele egbea ta la, ɖe nèsusu be anya wɔ be míakpɔ akɔfafa kple mɔkpɔkpɔ si ŋu woƒo nu tsoe le afisia?” Xlẽ Romatɔwo 15:4. Gahe susu yi nyabiasea dzi eye nàɖe mɔ wòaɖo eŋu. Emegbe he eƒe susu yi ta 2 lia dzi.
◼ “Ne ɖe ŋusẽ le asiwò be nàna nusiwo ŋu woƒo nu tsoe le afisia nava eme la, ɖe nàwɔea?” Xlẽ Nyaɖeɖefia 21:4. Gahe susu yi nyabiasea dzi eye nàɖe mɔ wòaɖo eŋu. Emegbe he eƒe susu yi ta 3 lia dzi.
◼ “Ðe nèbu be mía viwo ate ŋu ava se vivi le nɔnɔme nyui siwo ƒe nya wogblɔ le psalmo sia me la me gbaɖegbea?” Xlẽ Psalmo 37:10, 11. Gahe susu yi nyabiasea dzi eye nàɖe mɔ wòaɖo eŋu. Emegbe he eƒe susu yi ta 3 lia dzi.
◼ “Ðe nèsusu be ŋu nyui aɖe ava ke gbaɖegbe le esime nya siawo ava emea?” Xlẽ Yesaya 33:24. Gahe susu yi nyabiasea dzi eye nàɖe mɔ wòaɖo eŋu. Emegbe he eƒe susu yi ta 3 lia dzi.
◼ “Ðe nèbia ɖokuiwò se kpɔ be, ɖe kukuawo nya nusi agbagbeawo wɔna hãa?” Ðe mɔ wòaɖo eŋu. Emegbe xlẽ Nyagblɔla 9:5, eye nàhe eƒe susu yi ta 6 lia dzi.
◼ “Ðe nèsusu be míagate ŋu ava kpɔ míaƒe ame vevi siwo ku la ake abe alesi Yesu gblɔe le mawunyakpukpui siawo me enea?” Xlẽ Yohanes 5:28, 29. Gahe susu yi nyabiasea dzi eye nàɖe mɔ wòaɖo eŋu. Emegbe he eƒe susu yi ta 7 lia dzi.
◼ “Abe alesi wogblɔe le gbedodoɖa sia si ame geɖe nya nyuie me ene la, nukae nèsusu be ahiã hafi woate ŋu awɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi abe alesi wowɔnɛ le dziƒo ene?” Xlẽ Mateo 6:9, 10. Gahe susu yi nyabiasea dzi eye nàɖe mɔ wòaɖo eŋu. Emegbe he eƒe susu yi ta 8 lia dzi.
◼ “Èsusu be ɣeyiɣi si ŋu nyagblɔɖi sia ƒo nu tsoe la mee míele fifia?” Xlẽ Timoteo II, 3:1-4. Gahe susu yi nyabiasea dzi eye nàɖe mɔ wòaɖo eŋu. Emegbe he eƒe susu yi ta 9 lia dzi.
◼ “Ame geɖe mesea nusitae kuxi siwo le fu ɖem na ameƒomea le gã dom ɖe edzi la gɔme o. Ðe nède ŋugble le nudzɔdzɔ sia ŋu kpɔ be eya gbɔ wòanya tsoa?” Xlẽ Nyaɖeɖefia 12:9. Gahe susu yi nyabiasea dzi eye nàɖe mɔ wòaɖo eŋu. Emegbe he eƒe susu yi ta 10 lia dzi.
◼ “Ðe nèdi kpɔ be yeanya nyabiase siawo tɔgbe ƒe ŋuɖoɖoa?” Xlẽ Hiob 21:7. Gahe susu yi nyabiasea dzi eye nàɖe mɔ wòaɖo eŋu. Emegbe he eƒe susu yi ta 11 lia dzi.
◼ “Ðe nèsusu be Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi wɔwɔ akpe ɖe amewo ŋu be woase vivi le ƒomegbenɔnɔ mea?” Xlẽ Efesotɔwo 5:33. Gahe susu yi nyabiasea dzi eye nàɖe mɔ wòaɖo eŋu. Emegbe he eƒe susu yi ta 14 lia dzi.
[Aɖaka si le axa 6]
Ne miesrɔ̃ nu zi eve le esi nèɖe alesi míewɔa nusɔsrɔ̃e me na aƒemenɔlaa vɔ megbe eye nèka ɖe edzi be nusɔsrɔ̃a ayi edzi ko la, ekema àte ŋu abu eŋuti kɔnta.