Enye Dzidzɔ Na Mí Ŋutɔ Be Míetsɔa Mía Ðokuiwo Nana Le Yehowa Subɔsubɔ Me!
1 Apostolo Paulo kpɔ dzidzɔ ŋutɔ be ‘woazã ye bliboe’ hena Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ. (Kor. II, 12:15) Nenema kee Kristotɔ geɖe wɔa mɔɖeɖedɔa kutrikukutɔe egbea. Ame bubu siwo dzi ƒome ƒe agbanɔamedzi gãwo le dzea agbagba dia ɣeyiɣi hena gomekpɔkpɔ le subɔsubɔdɔa me kwasiɖa sia kwasiɖa togbɔ be vovo mele wo ŋu o hã. Wo dometɔ aɖewo siwo ŋu lãmesẽkuxi sesẽwo le zãa ŋutete sue si le wo si la tsɔ doa Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖe ŋgɔ. Aleke wòdea dzi ƒoe nye esi be míekpɔa Yehowa ƒe amewo tsɔa wo ɖokui nana faa le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me togbɔ be woƒe ƒexɔxɔ kple nɔnɔmewo le vovovo hã!
2 Lɔlɔ̃ Na Amehavi: Ne míewɔ nu sia nu si míate ŋui hena Yehowa subɔsubɔ, ɖea lɔlɔ̃ fiaa Mawu kple mía haviwo la, dzitsinya dzadzɛ sua mía si. Esi Paulo tsɔ eƒe luʋɔ ɖo anyi hena gomekpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖe nya nyuia me ta la, ete ŋu gblɔ dzidzɔtɔe be: “Mele ɖase ɖim na mi le egbe ŋkeke sia dzi bena, ŋutinye kɔ tso amewo katã ƒe ʋu me.” (Dɔw. 20:24, 26; Tes. I, 2:8) Gomekpɔkpɔ le subɔsubɔdɔa me ale si míaƒe nɔnɔmewo aɖe mɔe akpɔ mía ta be míagaɖi ʋufɔ o.—Xez. 3:18-21.
3 Agbagbadzedze vevie be míakpe ɖe amewo ŋuti hea dzidzɔ vanɛ na mí. (Dɔw. 20:35) Nɔviŋutsu aɖe gblɔ be: “Nyateƒee, ne megbɔ va aƒe me ɣetrɔ me le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ gbe ma gbe vɔ megbe la, nu tia kɔ nam. Gake mekpɔa dzidzɔ, eye medaa akpe na Yehowa be ena dzidzɔ si ame aɖeke mate ŋu axɔ le asinye o lam.”
4 Lɔlɔ̃ Na Mawu: Susu vevitɔ si tae míetsɔa mía ɖokui nana le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa mee nye be edoa dzidzɔ na mía Fofo si le dziƒo la. Lɔlɔ̃ na Mawu ʋãa mí míewɔa eƒe sewo, siwo dometɔ aɖewoe nye gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔa, la dzi. (Yoh. I, 5:3) Míeyia edzi dzidzɔtɔe wɔa dɔ veviedodotɔe na Yehowa, ne amewo metsɔa ɖeke le eme o alo tsia tsitre ɖe mía ŋu gɔ̃ hã.
5 Menye fifiae nye ɣesiɣi si me míanɔ kuvia wɔm o. Nuŋeɣia mee míele fifia. (Mat. 9:37) Zi geɖe la, agbledela wɔa dɔ gaƒoƒo geɖe le nuŋeɣi, elabena ɣeyiɣi sue aɖe koe nɔa esi be wòatsɔ aƒo nukuawo nu ƒu hafi woate gbegblẽ. Ɣeyiɣi si susɔ be míatsɔ awɔ gbɔgbɔ me nuŋeŋedɔa hã megasɔ gbɔ o. Esi ɣeyiɣi si me míele le susu me na mí ta la, mina mí katã míayi edzi aku kutri vevie le subɔsubɔdɔa me.—Luka 13:24; Kor. I, 7:29-31.