INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 11/08 axa 3-4
  • Ɣeyiɣi Aɖe Si Me Míeɖua Gbɔgbɔmenu Hekpɔa Dzidzɔ Le

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ɣeyiɣi Aɖe Si Me Míeɖua Gbɔgbɔmenu Hekpɔa Dzidzɔ Le
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Èdzra Ðo Ðe Gbɔgbɔmekplɔ̃ɖoƒea Yiyi Ŋua?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
  • Dze Kristo La Yome To Nɔnɔme Nyuiwo Ðeɖe Fia Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
  • Kpɔ Yehowa Sinu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Míaƒe Nutome Gã Takpekpewo Nyea Ðaseɖiɖi Sẽŋu Tso Nyateƒea Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
km 11/08 axa 3-4

Ɣeyiɣi Aɖe Si Me Míeɖua Gbɔgbɔmenu Hekpɔa Dzidzɔ Le

1. Aleke Yehowa kpɔa esubɔlawo ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ na woe?

1 Yehowa kpɔa esubɔlawo ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ na wo lɔlɔ̃tɔe. Togbɔ be gbɔgbɔmedɔ le xexea me nɔla akpa gãtɔ wum vevie hã la, míawo ya míeɖua nu nyuie ale gbegbe. (Yes. 65:13) Mɔ siwo dzi Yehowa tona nyia mí dometɔ ɖekae nye nutome gã takpekpe siwo míewɔna ƒe sia ƒe. Ðe nèle dzadzram ɖo be nàde “Mawu Ƒe Gbɔgbɔ Fiaa Mɔ Mí” Nutome Gã Takpekpe si gbɔna la ƒe ŋkeke etɔ̃awo katã? Woɖo kplɔ̃ si dzi nuɖuɖu vivi siwo me nunyiamewo le la ɖi na mí.

2. Nu kawoe ɖoɖowɔwɔ do ŋgɔ hena takpekpea yiyi lɔ ɖe eme?

2 Wɔ Ðoɖo Do Ŋgɔ: “Veviedola ƒe tameɖoɖo hea viɖe vɛ.” (Lod. 21:5) Eya ta esi nèle ɖoɖo si ana nàte ŋu ade takpekpea ŋkeke etɔ̃awo katã wɔm la, bia mɔ le wò dɔtɔ gbɔ fifia, ne ehiã be nàxɔ mɔɖeɖe le dɔ me hafi ate ŋu ade takpekpea. Ne ahiã be nàdze takpedua me la, ɖe nèwɔ ɖoɖo ɖe esia ŋu xoxoa? Anyo hã be nàwɔ ɖoɖo ɖe wò ŋdɔnuɖuɖu ŋu, ale be nàte ŋu aɖu nu ɖekae kple nɔviwo le agbadɔa te. Wɔ ɖoɖo be nàva ɖo takpekpea kaba gbe sia gbe ale be nàdi teƒe si nànɔ eye nàkpɔ gome le hadzidzi kple gbedodoɖa siwo woatsɔ aʋu takpekpea nui la me.

3. Awu kawo ƒomevi ŋue wòle be míawɔ ɖoɖo ɖo be míado?

3 Míedi be míakpɔ egbɔ be míedo awu siwo da sɔ hele nɔnɔme nyui me. (1 Tim. 2:9, 10) Nutome gã takpekpewo naa mɔnukpɔkpɔ mí be míaɖi ɖase na takpedua me tɔwo. Ne míedzra ɖo bubutɔe esi míele takpedua me eye míede míaƒe takpekpea ƒe akɔtagbalẽviwo la, míaƒe dzedzeme toa vovo tso dzimaxɔsetɔwo tɔ gbɔ eye wòkpɔa ŋusẽ nyui ɖe amewo dzi.

4. Nu kae akpe ɖe mía kple míaƒe ƒomea ŋu be takpekpea naɖe vi na mí bliboe?

4 Ðo To Nyuie: Kakaɖedzitɔe la, míadi be gbɔgbɔmenuɖuɖu si wotsɔ ɖo kplɔ̃ na mí la ƒe sue aɖeke kura gɔ̃ hã nato mía ŋu o! (Lod. 22:17, 18) Ŋgɔgbezikpuiwo dzi nɔnɔ hã ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖo to nyuie, eye míaƒe susu nanɔ nyawo ŋu. Ðe manyo be mia kple wò ƒomea miate esia kpɔ le takpekpe si gbɔna me oa? (Kpɔ Gbetakpɔxɔ, September 15, 2002, axa 13.) Ne míekplɔa nuƒolaa ɖo esime wòle Biblia xlẽm, eye míewɔa nuŋlɔɖi kpuiwo la, akpe ɖe mía ŋu be míaƒe susu nanɔ te le takpekpea me eye míaƒo asa na susuhenuwo. Ekema le fiẽ me la, míate ŋu azã míaƒe nuŋlɔɖi mawo atsɔ aɖo dze tso nuƒoawo me nya veviwo ŋu na ame bubuwo. Le ƒe siawo me la, wova de dzesii be sɔhɛ aɖewo nɔa anyi ɖekae le takpekpea me, eye wonɔa dze ɖom ne nuƒoawo le edzi yim alo nɔa nyatakakawo ɖom ɖe wo nɔewo to asitelefonwo dzi. Ne vi, siwo dome ƒewuiviwo le, le mía si la, aɖe vi na mí wu ne ƒomea me tɔwo katã nɔ anyi ɖekae heɖo to nuƒoawo, tsɔ wu be míaɖe mɔ be mía vi sɔhɛwo naɖe vovo le mía ŋu ava nɔ anyi ɖe wo tɔ sɔhɛwo dome.

5. Nu ka tae ame aɖewo tsia tsitre ɖe akpataa megbe le ŋdɔkpa dzi, eye nu kae woate ŋu awɔ be woaƒo asa na esia?

5 Wode dzesii hã be alɔ̃ tsɔa ame geɖewo le ŋdɔkpa dzi, eye wotsona le woƒe zikpuiwo dzi ɖatsia tsitre ɖe akpataa alo agbadɔa megbe. Esi wònye be susuhenu geɖe tea ŋu nɔa megbea ta la, ame mawo metea ŋu kplɔa nuƒoawo ɖo nyuie o. Dze agbagba nàmlɔ anyi kaba ale be nàte ŋu adɔ alɔ̃ nyuie le zã me. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, anyo be nàɖu nu siwo mekpena fũu o le ŋdɔ me ɖiɖiɖemeɣiwo bene alɔ̃ magava nɔ tsɔwòm le ŋdɔ me o.

6. Aleke míawɔ be míase vivi na takpekpea geɖe wu?

6 De Ha Kple Nɔviawo: Nuɖuɖu vivi aɖe ɖuɖu vivia ame nu wu ne woɖui kple xɔlɔ̃wo. (Lod. 15:17) Nenema kee, hadede kple mía nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo naa takpekpea vivia mía nu geɖe wu. Eya ta ɖe manyo eye wòavivi ŋutɔ ne ète ɖe takpekpea vala bubuwo ŋu heɖe ɖokuiwò fia wo eye miede ha kple mia nɔewo esi womekpɔ dze ɖoɖowɔɖia gɔme oa? (Ps. 133:1) Ne zimenɔlaa nya kpe mí be míadi teƒe anɔ hafi haƒoƒoa nadze egɔme ko la, ele be míatɔ te dzeɖoɖoa eye míanɔ anyi ahadzra ɖo ɖe ɖoɖowɔɖia gɔme dzedze ŋu.

7. Gblɔ nuteƒekpɔkpɔ aɖe si su asiwò ku ɖe ale si míate ŋu aɖi ɖase na amewo le takpedua me la ŋu.

7 Wɔ Mɔnukpɔkpɔwo Ŋu Dɔ Nàɖi Ðase: Zi geɖe la, takpekpewo naa mɔnukpɔkpɔ mí be míaɖi ɖase na amewo. Amewo biaa nya takpekpevala siwo yina ɖe nuɖuɖudzraƒewo le kpakpã vɔ megbe la dometɔ geɖe ku ɖe tanya si dze le takpekpea ƒe akɔtagbalẽvia dzi la ŋu. Esia ʋu dzeɖoɖo ƒe mɔnuwo ɖi eye wòna woɖi ɖase nyui tso nyateƒea ŋu. Wokpe ame siwo bia nya tso takpekpea ŋu dometɔ aɖewo na takpekpea eye woyi hã.

8. Nu ka tae wòle be míade nutome gã takpekpe si gbɔna la?

8 Wozã gaƒoƒo akpe geɖe le asitɔtrɔ le takpekpea ŋu, takpekpewɔƒea dzadzraɖo, ɖoɖowɔwɔ ɖe takpekpe dzi kpɔƒewo, kple dzadzraɖo ɖe nuƒoawo ŋu me. Dɔ gbogbo siwo wowɔ lɔlɔ̃tɔe le asitɔtrɔ le gbɔgbɔmekplɔ̃ sia ŋu me la ɖe ale si Yehowa léa be na eƒe amewo lɔlɔ̃tɔe la fia. Mina mí katã míayi aɖaɖu nu le gbɔgbɔmekplɔ̃ sia ŋu kple dzi blibo! Ne míewɔe alea la, míanɔ abe xexea me nɔlawo ene o, ke boŋ ‘míatso aseye le dzi ƒe dzidzɔkpɔkpɔ ta.’—Yes. 65:14.

[Aɖaka si le axa 3]

Nutome Gã Takpekpe Ƒe Ŋkuɖodzinyawo

◼ Ðoɖowɔɖia Ƒe Gamewo: Ðoɖowɔɖia adze egɔme ŋdi ga 9:20 ŋkeke etɔ̃awo katã. Ne wole Fiaɖuƒehawo ƒom ko la, ele be mía dometɔ ɖe sia ɖe nanɔ anyi le ɣeyiɣi ma me ale be míadze ɖoɖowɔɖia gɔme le ɖoɖo nyui nu. Wɔnawo awu enu ɣetrɔ ga 4:55 le Fiɖagbe kple Memleɖagbe, kple ga 4:00 le Kwasiɖagbe.

◼ Ʋutɔɖoƒe: Mele be míanɔ ʋu me ne menye dɔléle aɖee le fu ɖem na mí alo hiahiã kpata aɖee o. Anyo be míayi ava nɔ agbadɔa gɔme aɖo to nuƒoawo nyuie, tsɔ wu be míanɔ ʋu me, elabena nu geɖewo ate ŋu ahe míaƒe susu alo míate ŋu adɔ alɔ̃ hã bɔbɔe. Agbadɔa te nɔnɔ ahaɖo to nyuie susuhenuwo manɔmee fia be míekpɔa ŋudzedze ɖe Yehowa ƒe nufiamewo ŋu.

◼ Nɔƒe Léle Ði: Ame siwo mia kpli wo mieɖo ʋu ɖeka va alo mietso aƒe ɖeka me koe nàte ŋu alé nɔƒe ɖi na.

◼ Ŋdɔ Me Nuɖuɖu: Taflatsɛ, tsɔ nu si nàɖu le ŋdɔ me la ɖe asi tsɔ wu be nàdzo le takpekpewɔƒea ava ƒle nu aɖu le ɖiɖiɖemeɣia. Míate ŋu atsɔ tsifago sue siwo ate ŋu anɔ zikpuiwo te ɖe asi. Womeɖe mɔ be míatsɔ tsifago gãwo, nugo alo atukpa siwo ate ŋu agbã, kple aha muamewo ava takpekpewɔƒea o.

◼ Ne Woɖe Agbalẽ Ðe Go: Mawu ƒe Nya xlɔ̃ nu mí be ‘míawɔ nuwo katã le lɔlɔ̃ me.’ (1 Kor. 16:14) Ne woɖe agbalẽ yeye ɖe go le takpekpe aɖe me la, lɔlɔ̃ kple amewo ŋu bubu ana be míaganɔ du ƒum, anɔ mía nɔewo tutum alo anɔ mía nɔewo mimim bena míawoe anye ame gbãtɔ le flia me axɔ agbalẽa o. Mele be ame aɖeke nadzo le enɔƒe do ŋgɔ na hadzidzi kple gbedodoɖa mamlɛa, be yeayi aɖaɖo fli axɔ agbalẽ yeyea o. Ne wodo gbe ɖa vɔ la, ele be ame sia ame nazɔ le ɖoɖo nu blewu ayi aɖaɖo fli axɔ agbalẽ yeyea. Ame ɖokui dzi zizi kple dzi gbɔgbɔ ɖi alea nye Kristotɔwo ƒe tsitsi ƒe dzesi eye eɖea míaƒe nɔvilɔlɔ̃ fiana.—Yoh. 13:35.

◼ Nudzɔdzɔ: Míate ŋu aɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ne míewɔ lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔ le míaƒe Fiaɖuƒe Akpata me alo le takpekpea me tsɔ do alɔ xexea me katã ƒe dɔa. Ele be woaŋlɔ ɖe gaxɔgbalẽvi ɖe sia ɖe si woatsɔ ade nudzɔɖaka me la dzi be woaxee na “Watch Tower.”

◼ Afɔkuwo Kple Nudzɔdzɔ Kpatawo: Ne atikewɔnya aɖe hiã kpata le takpekpewɔƒea la, taflatsɛ kpɔ anyinɔƒegbɔkpɔla aɖe si te ɖe ŋuwò, eye eya ana nyanya Atikewɔƒea enumake ale be míaƒe atikewɔla bibi siwo le teƒea nalé ŋku ɖe nɔnɔmea ŋu ahana kpekpeɖeŋu.

◼ Dzadzɛnyenye: Enye mía dometɔ ɖe sia ɖe ƒe agbanɔamedzi be wòadzra teƒe si wòanɔ aɖu nu le la ɖo nyuie le nuɖuɖu vɔ megbe. Esi gbelɔnuwo anɔ takpekpewɔƒe ɖe sia ɖe ta la, taflatsɛ, mikpɔ egbɔ be yewofɔ nuwo abe pepa kakɛwo, nuɖuɖu wluiwluiwo, kple aŋenuwo ene kpakple gbeɖuɖɔ bubu ɖe sia ɖe tsɔ de gbelɔnuwo me. Esia aɖee afia be míenye ame dzadzɛwo.

◼ Foto Ðeɖe: Mègazã fotoɖemɔ̃ siwo sia dzo ne takpekpea le edzi yim o. Esi míedi be míado asitsanyawo ɖa ne míeva ƒo ƒu le teokrasi ɖoɖowo me o ta la, mele be míaɖe foto ɖe ga ta o. Mele be míagblɔ na fotoɖelawo hã be woava takpekpea ava ɖe foto mí akpɔ ga o.—w84 7/1-E axa 25; kpɔ Ðoɖo gbalẽa hã ƒe axa 142, memama 3.

◼ Ƒomea Ƒe Anyinɔnɔ Ðekae: Mele be dzilawo naɖe mɔ na wo vi, siwo dome ƒewuiviwo hã le, be woanɔ anyi ɖe wo hati sɔhɛwo dome o, ke boŋ ele be dzilawo nanɔ anyi kple wo viwo ne ɖoɖoawo le edzi yim. Dzila siwo nɔa ŋudzɔ akpɔ egbɔ be yewo viwo le to ɖom hele nuŋlɔɖi wɔm ne nuƒoawo le edzi yim.

◼ Taflatsɛ Mitrɔ Yi Wo Gbɔ: Ele be míazã Please Follow Up (S-43) (Taflatsɛ Mitrɔ Yi Wo Gbɔ) ƒe agbalẽvia atsɔ ana nyatakakawo le ame siwo míeɖi vomeɖase na le takpekpea wɔɣi eye woɖe ɖetsɔleme fia ŋu. Gbeƒãɖelawo natsɔ agbalẽvi sia ƒe ɖeka alo eve ɖe asi ava takpekpea. Miate ŋu atsɔ agbalẽvi siwo miekpe ɖo keŋ la ana ame siwo le Agbalẽdzikpɔƒea alo ana miaƒe hamea ƒe agbalẽŋlɔla.—Kpɔ March 2005 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, axa 4 lia.

◼ Dzeƒewo: (1) Ne wohaya teƒe aɖe na wò la, taflatsɛ mègaɖe mɔ be ame geɖe wu agbɔsɔsɔ si ŋu woɖe mɔ ɖo la nanɔ wò xɔa me o. (2) Ne ame aɖee na dzeƒe wò le eƒe aƒe me la, ɖe ameŋububu fia to ale si nàna teƒea nanɔ dzadzɛ me, eye nàɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia. (3) Mele be nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo natsaka amlɔ xɔ ɖeka me o, negbe ƒome ɖeka me tɔwo ko. (4) Mègaɖa nu le xɔ siwo womeɖe mɔ be woaɖa nu le wo me o la me o. (5) Be míado agbe nyui nɔnɔ ɖe ŋgɔ la, mele be míale tsi le gota o. Le teƒe siwo tsilekpɔ mele o la, woate ŋu azã tsatsa alo avɔ atsɔ atu tsileƒe si woazã ɣeyiɣi kpui aɖe. (6) Abe Kristotɔwo ene la, mele be míazã nu siwo ŋu woɖe mɔ ɖo na amedzrowo be woazã la wòagbɔ eme o. (7) Ðe gbɔgbɔ ƒe kutsetsea fia ne èle nu wɔm kple amedzrodzeƒe dɔwɔlawo alo ƒome siwo gbɔ nèva dze.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe