INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 11/09 axa 2-5
  • Èdzra Ðo Ðe Gbɔgbɔmekplɔ̃ɖoƒea Yiyi Ŋua?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Èdzra Ðo Ðe Gbɔgbɔmekplɔ̃ɖoƒea Yiyi Ŋua?
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ɣeyiɣi Aɖe Si Me Míeɖua Gbɔgbɔmenu Hekpɔa Dzidzɔ Le
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
  • Dze Kristo La Yome To Nɔnɔme Nyuiwo Ðeɖe Fia Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
  • Míaƒe Nutome Gã Takpekpewo Nyea Ðaseɖiɖi Sẽŋu Tso Nyateƒea Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
  • Kpɔ Yehowa Sinu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
km 11/09 axa 2-5

Èdzra Ðo Ðe Gbɔgbɔmekplɔ̃ɖoƒea Yiyi Ŋua?

1. Dzadzraɖo kawo tɔgbie kplɔ̃ɖoɖo lɔna ɖe eme?

1 Kplɔ̃ɖoɖo biaa dzadzraɖo geɖe wɔwɔ. Ele be woaƒle nu siwo ɖa ge woala, aɖa wo woalé aɖe, eye emegbe woatsɔ wo aɖo kplɔ̃ae. Ele be woawɔ ɖoɖo ɖe nuɖuɖua mama ŋu. Gakpe ɖe eŋu la, ele be woadzra teƒe si woaɖu nua le la hã ɖo. Ele be ame siwo wokpe na kplɔ̃ɖoƒea hã nadzra ɖo, vevietɔ ne ahiã be woazɔ mɔ didi hafi ayi kplɔ̃ɖoƒea. Togbɔ be kplɔ̃ɖoɖo lɔa dɔ geɖe wɔwɔ ɖe eme hã la, nuɖuɖu viviwo ɖuɖu ɖekae kple xɔlɔ̃wo kpakple ƒometɔwo nana wòdoa dzidzɔ na ame. Tso ƒe sia ƒe May me ke la, Yehowa Ðasefowo le ƒu ƒom le ƒuƒoƒo gãwo kple suewo me le xexea me godoo hele vivi sem le gbɔgbɔmekplɔ̃ɖoɖo—si nye “Minɔ Ŋudzɔ!” Nutome Gã Takpekpe—si wonɔ mɔ kpɔm na vevie la me. Wodze egɔme nɔ dzadzraɖo geɖe wɔm ɖe takpekpea me nuƒowo kple nu bubu siwo ahiã la ŋu xoxo. Wole mí katã kpem na takpekpe sia. Be míate ŋu ade takpekpea eye míakpɔ viɖe geɖe tso eme la, ele be míawo ŋutɔwo hã míadzra ɖo.—Lod. 21:5.

2. Nu kawoe wòle be míawɔ be míate ŋu akpɔ gome le gbɔgbɔmekplɔ̃ɖoɖo sia ƒe akpa ɖe sia ɖe me?

2 Na Wòaɖe Vi Na Wò Bliboe: Ðe nètrɔ asi le wò ɖoɖowo ŋu xoxo be yeakpɔ gome le gbɔgbɔmekplɔ̃ɖoɖo sia ƒe akpa ɖe sia ɖe mea? Ne ehiã la, te ɖe wò dɔtɔ ŋu nàgblɔ nɛ be yele takpekpea ƒe ŋkekeawo katã de ge—ŋkeke gbãtɔa hã le eme. Èwɔ ɖoɖo ɖe ʋuɖoɖo kple dzeƒe ŋu xoxoa? Ele be hamemetsitsiwo nakpɔ egbɔ be wona kpekpeɖeŋu si hiã la ame tsitsiwo kple ame siwo si lãmesẽ mele o kpakple ame bubu siwo ahiã kpekpeɖeŋu.—Yer. 23:4; Gal. 6:10.

3. Nu ka tae mele be míade dukɔwo dome takpekpe si womekpe mí na o?

3 Woawɔ dukɔwo dome takpekpewo le teƒe aɖewo. Anyo be míade dzesii be hame aɖewo koŋ kple ame siwo wokpe tso duta koe ade takpekpe siawo. Le ɖoɖowɔwɔ ɖe takpekpe siawo ŋu me la, alɔdzedɔwɔƒea nɔ te ɖe zikpuiwo ƒe agbɔsɔsɔme dzi wɔ ɖoɖo ɖe ame siwo woakpe na takpekpe mawo la ŋu nyuie. Ne gbeƒãɖelawo de dukɔwo dome takpekpe aɖe evɔ womekpe wo o la, ate ŋu awɔe be vavalawo nava sɔ gbɔ wu ale si dze.

4. Ŋkuɖodzinya kawoe akpe ɖe mía ŋu míanɔ dzadzraɖoɖi na takpekpea ƒe ɖoɖowɔɖia gɔme dzedze gbe sia gbe?

4 Wɔ ɖoɖo be nàva ɖo takpekpewɔƒea kaba gbe sia gbe be nàdi nɔƒe hafi ɖoɖowɔɖia nadze egɔme. Zã miniti ʋɛ aɖewo nàtsɔ ato ŋkekea ƒe ɖoɖowɔɖia me do ŋgɔ hafi nuƒoawo nadze egɔme. Esia akpe ɖe ŋuwò nàdzra wò dzi ɖo do ŋgɔ ɖe nyawo sese ŋu. (Ezra 7:10) Ne zimenɔlaa gblɔ be míase haƒoƒo si ado ŋgɔ na ɖoɖowɔɖia gɔme dzedze la, anyo be míaɖo to haƒoƒoa eye míadzra ɖo akpɔ gome le hadzidzi kple gbedodoɖa si woatsɔ aʋu ɖoɖowɔɖia nui la me.

5. Alekee míawɔ be takpekpea naɖe vi na míaƒe ƒomea bliboe?

5 Ne ƒomewo nɔ anyi ɖekae le takpekpea me la, ana dzilawo nakpɔ egbɔ be yewo viwo le to ɖom nuƒoawo nyuie. (5 Mose 31:12) Wole dzi dem ƒo na mí katã be míaʋu míaƒe Bibliawo ne wole mawunyakpukpui aɖe xlẽm ahakplɔe ɖo. Nuŋlɔɖi kpuiwo wɔwɔ ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàɖo to nyuie. Emegbe wò nuŋlɔɖiawo akpe ɖe ŋuwò nàɖo ŋku nuƒoawo me nya veviwo dzi. Ƒo asa na dzeɖoɖo madzemadzee alo tsotso edziedzi ne nuƒoawo le edzi yim. Ne asitelefon le asiwò la, mègaɖe mɔ wòanɔ wò ŋutɔ alo ame bubuwo ƒe susu hem ne wɔnawo le edzi yim o. Le gbe sia gbe ƒe ɖoɖowɔɖia ƒe nuwuwu la, ɖe manyo be nàɖo dze tso eƒe akpa siwo do dzidzɔ na wò ŋu na ame bubuwo oa?

6. Nu ɖedzesi kae yia edzi le míaƒe takpekpewo me, eye aleke míate ŋu akpɔ gome le eme bliboe?

6 Le takpekpewo me la, mɔnukpɔkpɔ sua mía si míekpɔa gome le hadede kplikplikpli me kple mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo, si tɔgbi mele xexea me o. (Ps. 133:1-3; Mar. 10:29, 30) Ðe manyo be nàɖoe koŋ aɖe ɖokuiwò afia nɔvi siwo nɔ xawò ahaɖo dze kpli wo le ŋdɔnuɖuɣia oa? Esia tae wònyo be míatsɔ nuɖuɖu si mekpena fũu o la ɖe asi ale be míakpɔtɔ anɔ agbadɔa te tsɔ wu be míadzo le takpekpewɔƒea be míaɖadi nu aɖu. Mègana dzidede ƒo na mía nɔewo ƒe mɔnukpɔkpɔ sia nato ŋuwò o.—Rom. 1:11, 12.

7. Dzadzraɖo kawoe wòle be míawɔ ku ɖe awu siwo míado ŋu?

7 Awudodo: Eɖe dzesi be Yehowa de se na Israel viwo be woade gbo woƒe awuwo to, eye woatsi gboawo ɖe aɖabɛ blɔtɔ lɔ̃ka si wotsɔ ƒo to na awuawo la ŋu. (4 Mose 15:37-41) Esia nye nu si wokpɔna si ɖoa ŋku edzi na wo be wonye dukɔ si woɖe ɖe vovo hena tadedeagu na Yehowa. Egbea la, míaƒe awu nyui siwo da sɔ, siwo ŋu bubu le, siwo míedona yia takpekpewo la ɖea mí ɖe vovo tso xexea gbɔ. Enyea ɖaseɖiɖi sẽŋu aɖe na eteƒekpɔlawo, eye enɔa alea gɔ̃ hã ne ahiã be míayi nuɖuƒe le gbɔme le ŋkekea ƒe wɔnawo ƒe kpakpã vɔ megbe. Eya ta, anyo be nàbu awu siwo nàdo la ŋu nyuie do ŋgɔ.

8, 9. Míaƒe tadedeagu ƒe akpa kawoe dzi mele be míaŋe aɖaba ƒu le míaƒe takpekpewo me o, eye aleke míade bubu míaƒe tadedeagu ƒe akpa siawo ŋui?

8 Gbedodoɖa Kple Hadzidzi: Nu siwo ɖoa atsyɔ̃ na míaƒe mawuvɔvɔ̃ ɖeɖe fia wu la dometɔ ɖekae nye kafukafuhawo dzidzi na Yehowa Mawu. Edze ƒãa be Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la dzia ha na Yehowa edziedzi. (1 Kor. 14:15) Ke hã, ame aɖewo medea bubu míaƒe tadedeagu ƒe akpa vevi sia ŋu o. Alekee? Eyae nye be wovaa takpekpea le ɣeyiɣi si me wole ha dzim alo vana le hadzidzi kple gbedodoɖa siwo wotsɔ dzea wɔnawo gɔmee la megbe, evɔ menyea susu gobi aɖeke tae o. Le ɖoɖowɔɖia ƒe nuwuwu la, ame aɖewo dzona le woƒe zikpuiwo dzi eye ame bubuwo ya nɔa dze ɖom sesĩe le hadziɣia katã va se ɖe esime gbedodoɖa dze egɔme. Nu ka tae?

9 Ɣeaɖewoɣi la, ate ŋu anye be susu nyui aɖewo tae. Ke hã, ame aɖewo nana mɔnukpɔkpɔ si sua mía si be míadzi ha ahakpɔ gome le gbedodoɖa me la toa wo ŋu le dzeɖoɖo, woƒe ʋuwo gbɔ ɖoɖo kaba, alo be woanye ame gbãtɔ siwo anɔ fli me hena agbalẽ siwo woɖe ɖe go la xɔxɔ ɖeɖe dzaa ko ta. Ele be míakpɔ nyuie be mía ŋutɔwo ƒe nyonyo didi nagawɔe be míaɖe mɔ xexe sia ƒe tɔnye-nenyo-gbã ƒe nɔnɔme alo mawumavɔmavɔ̃ ƒe nɔnɔme siwo dometɔ aɖewoe nye ŋukeklẽ kple ɖokuitɔdidi nado kplamatsɛ míaƒe gbɔgbɔmeŋgɔyiyi o. Esi míenye ame siwo vɔ̃a Mawu ta la, míedzea agbagba be míade bubu si sɔ míaƒe tadedeagu ƒe akpa vevi siwo nye gbedodoɖa kple hadzidzi na Yehowa la ŋu.

10, 11. Nu kae mele be dzilawo nawɔ o, eye aleke woakpe ɖe wo viwo ŋu be takpekpea naɖe vi na wo bliboe?

10 Dzilawo Kple Wo Viwo: Le xexe sia si me ɖeviwo kple sɔhɛwo dometɔ geɖe meɖea nɔnɔme nyui fiana o me la, nɔnɔme nyuiwoe mía viwo ya ɖena fiana, eye esia hea kafukafu vanɛ na Yehowa kple eƒe habɔbɔa. Ke hã ɣeaɖewoɣi la, kuxiwo doa mo ɖa ne womelé ŋku ɖe ɖeviwo ŋu nyuie o. (Lod. 29:15) Mele be dzilawo naɖe asi le wo viwo ŋu woanɔ tsatsam le wo ɖokui si le teƒe siwo wodze alo takpekpewɔƒea o.

11 Do ŋgɔ na takpekpewo dede la, dzila aɖewo dzroa ale si wòle be woanɔ agbe le takpekpewɔƒewo la me kple wo viwo. (Ef. 6:4) Wokpena ɖe wo viwo ŋu wosea egɔme be Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ akuakua “mewɔa nu si mesɔ o” alo ‘dia ye ŋutɔ tɔ o.’ ( 1 Kor. 13:5) Nutome gã takpekpea nye ɣeyiɣi aɖe woɖo ɖi be Yehowa nafia nu mí, eya ta ele be dzilawo kple wo viwo siaa nade bubu ɖoɖo sia ŋu to agbenɔnɔ nyuie le takpekpewɔƒea kple teƒe bubuwo siaa me.—Yes. 54:13.

12. Aleke míawɔ ate ŋu aɖi ɖase na amewo le takpedua me?

12 Ði Ðase: Ðoɖowɔwɔ do ŋgɔ akpe ɖe mía ŋu be míate ŋu aɖi ɖase na amewo le takpedua me. Ðeko nɔviŋutsu aɖe si yi nuɖuƒe kple srɔ̃a le ŋkekea ƒe wɔnawo ƒe kpakpã vɔ megbɔ la tsɔ eƒe akɔtagbalẽvia fia kplɔ̃ŋusubɔlaa hebiae be: “Ède dzesii be ame geɖewo de akɔtagbalẽvi sia?” Kplɔ̃ŋusubɔlaa gblɔ be yede dzesii gake ɖeko yenɔ ye ɖokui biam be nu ka tututue nɔ edzi yim hã. Esia he wo de dzeɖoɖo me, eye nɔviŋutsua kpee na takpekpea.

13. Alekee míate ŋu aɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia Yehowa, míaƒe Kplɔ̃ɖola la?

13 Togbɔ be mía nɔviŋutsuwoe aƒo nuƒoawo katã, abia gbe amewo, ahakpɔ wɔwɔfiawo dzi hã la, Yehowa, mía Fofo si le dziƒo, ye nye gbɔgbɔmekplɔ̃ɖoɖo sia si me míekpɔa gome le ƒe sia ƒe la ƒe Ðoɖowɔla. (Yes. 65:13, 14) Míeɖea ŋudzedzekpɔkpɔ fiaa Kplɔ̃ɖolaa to kplɔ̃ɖoƒea yiyi ŋkeke etɔ̃awo katã kpakple gomekpɔkpɔ le gbɔgbɔmenuɖuɖu ɖe sia ɖe si wotsɔ ɖo mía kɔme la me. Èwɔ dzadzraɖo siwo hiã be nàte ŋu ade kplɔ̃ɖoƒea?

[Aɖaka si le axa 4]

Nutome Gã Takpekpe Ƒe Ŋkuɖodzinyawo

◼ Ðoɖowɔɖia Ƒe Gamewo: Ðoɖowɔɖia adze egɔme le ŋdi 9:20 ŋkeke etɔ̃awo katã. Ne zimenɔlaa gblɔ be míase haƒoƒo si ado ŋgɔ na ɖoɖowɔɖia gɔme dzedze ko la, anyo be mí katã míanɔ anyi ale be wɔnaa nadze egɔme le ɖoɖo nu. Wɔnaa awu enu ɣetrɔ ga 4:55 le Fiɖagbe kple Memleɖagbe eye awu enu ɣetrɔ ga 4:00 le Kwasiɖagbe. Le dukɔwo dome takpekpewo gome la, ɖoɖowɔɖia adze egɔme Yawoɖagbe ŋdɔ 1:20 eye wòawu enu ɣetrɔ 4:45. Wole dzi dem ƒo na vavalawo katã be woakpɔ gome le haawo katã dzidzi me, esi woatsɔ akpã ŋkeke ɖe sia ɖe ƒe ɖoɖowɔɖia hã le eme.

◼ Ʋutɔtɔɖi: Mele be míanɔ ʋu me ne menye dɔléle aɖee le fu ɖem na mí alo hiahiã kpata aɖee o. Anyo ɣesiaɣi be míayi ava nɔ agbadɔa gɔme aɖo to nuƒoawo nyuie, tsɔ wu be míanɔ ʋu me, elabena nu geɖewo ate ŋu ahe míaƒe susu alo míate ŋu adɔ alɔ̃ hã bɔbɔe. Agbadɔa te nɔnɔ ahaɖo to nyuie susuhenuwo manɔmee fia be míekpɔa ŋudzedze ɖe Yehowa ƒe nufiamewo ŋu. Esi wònye be zi geɖe la, ʋutɔɖoƒea melolona o ta la, ele be ame geɖe nawɔ ɖoɖo atsɔ ʋu ɖeka ale si wòanya wɔe tsɔ wu be ame ɖeka alo eve ko nanɔ ʋu ɖeka me.

◼ Nɔƒeléleɖi: Ame siwo mia kpli wo mieɖo ʋu ɖeka alo ame siwo le aƒe ɖeka me kpli wò koe wòle be nàlé nɔƒe ɖi na.

◼ Ŋdɔnuɖuɖu: Taflatsɛ, tsɔ nu si nàɖu le ŋdɔ me la ɖe asi tsɔ wu be nàdzo le takpekpewɔƒea be yeaɖaƒle nu aɖu le ɖiɖiɖemeɣia. Womeɖe mɔ be míatsɔ tsifago gãwo, nugo alo atukpa siwo ate ŋu agbã ava takpekpewɔƒea o. Le ame siwo ayi takpekpe le stadium gome la, ɖewohĩ manya wɔ be woade tsifago aɖeke woƒe zikpuiawo te, eɖanye aleke kee woƒe lolome le o.

◼ Ne Woɖe Agbalẽ Ðe Go: Mawu ƒe Nya xlɔ̃ nu mí be ‘míawɔ nuwo katã le lɔlɔ̃ me.’ (1 Kor. 16:14) Ne woɖe agbalẽ yeye ɖe go le takpekpe aɖe me la, lɔlɔ̃ kple amewo ŋu bubu ana be míaganɔ du ƒum, anɔ mía nɔewo tutum alo anɔ mía nɔewo mimim bena míawoe anye ame gbãtɔ le flia me axɔ agbalẽa o. Mele be ame aɖeke nadzo le enɔƒe do ŋgɔ na hadzidzi kple gbedodoɖa mamlɛa be yeayi aɖaɖo fli axɔ agbalẽ yeyea o. Ne wodo gbea ɖa vɔ la, ele be ame sia ame nazɔ le ɖoɖo nu blewu ayi aɖaɖo fli axɔ agbalẽ yeyea. Ame ɖokui dzi zizi kple dzi gbɔgbɔ ɖi alea nye Kristotɔwo ƒe tsitsi ƒe dzesi eye eɖea míaƒe nɔvilɔlɔ̃ fiana.—Yoh. 13:35.

◼ Nudzɔdzɔwo: Míate ŋu aɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe takpekpea ŋu afia ne míewɔ lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔ le míaƒe Fiaɖuƒe Akpata me alo le takpekpea me tsɔ do alɔ xexea me katã ƒe dɔa. Ele be woaŋlɔ ɖe gaxɔgbalẽvi ɖe sia ɖe si woatsɔ ade nudzɔɖaka me la dzi be woaxee na “Watch Tower.”

◼ Afɔkuwo Kple Nudzɔdzɔ Kpatawo: Ne atikewɔnya aɖe hiã kpata le takpekpewɔƒea la, taflatsɛ, kpɔ anyinɔƒegbɔkpɔla aɖe si te ɖe ŋuwò, eye eya ana nyanya Atikewɔƒea enumake ale be míaƒe atikewɔla bibi siwo le teƒea nalé ŋku ɖe nɔnɔmea ŋu ahana kpekpeɖeŋu.

◼ Dzadzɛnyenye: Enye vavala ɖe sia ɖe ƒe agbanɔamedzi be wòadzra teƒe si wòanɔ aɖu nu le la ɖo nyuie le nua ɖuɖu vɔ megbe. Esi gbelɔnuwo anɔ takpekpewɔƒe ɖe sia ɖe ta la, taflatsɛ, mikpɔ egbɔ be yewofɔ nuwo abe pepa kakɛwo, nuɖuɖu wluiwluiwo, kple aŋenuwo ene kpakple gbeɖuɖɔ bubu ɖe sia ɖe tsɔ de gbelɔnuwo me. Esia aɖee afia be míenye ame dzadzɛwo.

◼ Foto Ðeɖe: Mègazã fotoɖemɔ̃ siwo sia dzo ne takpekpea le edzi yim o. Esi míedi be míado asitsanyawo ɖa ne míeva ƒo ƒu le teokrasi ɖoɖowo me o ta la, mele be míaɖe foto ɖe ga ta o. Mele be míagblɔ na fotoɖelawo hã be woava takpekpea ava ɖe foto mí akpɔ ga o.—w84-E 7/1 axa 25; kpɔ Ðoɖo gbalẽa hã ƒe axa 142, memama 3.

◼ Ƒomea Ƒe Anyinɔnɔ Ðekae: Mele be dzilawo naɖe mɔ na wo vi, siwo dome ƒewuiviwo hã le, be woanɔ anyi ɖe wo hati sɔhɛwo dome o, ke boŋ ele be dzilawo nanɔ anyi kple wo viwo ne ɖoɖoawo le edzi yim. Esia awɔe be woate ŋu ade dzi ƒo na wo be woanɔ nuŋlɔɖi wɔm ne nuƒoawo le edzi yim.

◼ Afɔkpawo: Ƒe sia ƒe la, nu vevi wɔa ame geɖe le afɔkpa siwo wodo ta. Anyo wu be míado afɔkpa kpokploe siwo sɔ nyuie be míate ŋu ato atrakpuiwo dzi kple teƒe bubuwo dedie.

◼ Nyaléle: Mele be míatsi nyalémɔ̃ ƒomevi aɖeke ɖe takpekpewɔƒea ƒe elektrikkawo alo nuƒomɔ̃awo ŋu o, eye ele be míakpɔ egbɔ be míezã wo le mɔ siwo maɖe fu na ame bubuwo o nu.

◼ Taflatsɛ Mitrɔ Yi Wo Gbɔ: Ele be míazã Please Follow Up (S-43) (Taflatsɛ Mitrɔ Yi Wo Gbɔ) ƒe agbalẽvia atsɔ ana nyatakakawo ku ɖe ame siwo míeɖi vomeɖase na eye woɖe ɖetsɔleme fia la ŋu. Anyo be gbeƒãɖelawo natsɔ agbalẽvi sia ɖeka alo eve ɖe asi ava takpekpea. Miate ŋu atsɔ agbalẽvi siwo miekpe ɖo keŋ la ana ame siwo le Agbalẽdzikpɔƒea alo atsɔ wo ana miaƒe hamea ƒe agbalẽŋlɔla ne miegbɔ tso takpekpea.—Kpɔ March 2005 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, axa 4 lia.

◼ Dzeƒewo: (1) Ne wohaya teƒe aɖe na wò la, taflatsɛ mègaɖe mɔ be ame geɖe wu agbɔsɔsɔ si ŋu woɖe mɔ ɖo la nanɔ wò xɔa me o. (2) Ne ame aɖee na dzeƒe wò le eƒe aƒe me la, ɖe ameŋububu fia to ale si nàna teƒea nanɔ dzadzɛ me, eye nàɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia. (3) Mele be nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo natsaka amlɔ xɔ ɖeka me o, negbe ƒome ɖeka me tɔwo ko. (4) Mègaɖa nu le xɔ siwo womeɖe mɔ be woaɖa nu le wo me o la me o. (5) Be míado agbe nyui nɔnɔ ɖe ŋgɔ la, mele be míale tsi le gota o. Le teƒe siwo tsilekpɔ mele o la, woate ŋu azã tsatsa alo avɔ atsɔ atu tsileƒe si woazã ɣeyiɣi kpui aɖe. (6) Abe Kristotɔwo ene la, mele be míazã nu siwo ŋu woɖe mɔ ɖo na amedzrowo be woazã la wòagbɔ eme o. (7) Ðe gbɔgbɔ ƒe kutsetsea fia ne èle nu wɔm kple amedzrodzeƒe dɔwɔlawo alo ƒome siwo gbɔ nèva dze. (8) Ne kuxi aɖe do mo ɖa le xɔ si me nèdze le amedzrodzeƒea ŋu la, na Xɔdidɔwɔƒea nanya ne èva ɖo takpekpewɔƒea.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe