‘Nɔ Dzadzraɖoɖi Na Dɔ Nyui Sia Dɔ Nyui Wɔwɔ’
1 Hafi Yesu nadze gbeƒãɖeɖedɔa gɔme le anyigbamama aɖe me la, egbɔ dzi ɖi dzra eƒe nusrɔ̃lawo ɖo na dɔa wɔwɔ. (Mat. 10:5-14) Togbɔ be vovo mele mí katã ŋu o hã la, aɖabaƒoƒo ʋɛ aɖewo didi atsɔ adzra ɖo hafi aƒo mía ɖokui ɖe tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu dɔa me la akpe ɖe mía ŋu be míatse ku nyui geɖewo.—2 Kor. 9:6.
2 Ale Si Míadzra Ðoe: Be míadzra ɖo nyuie bia be míanya nya siwo le agbalẽ si míeɖo be míana la me. Ele be míabu ame siwo le míaƒe anyigbamamaa me hã ŋu. Kuxi kawo ŋue wotsia dzi ɖo? Mawusubɔsubɔ me dzixɔse kawoe le amewo si le nutoa me? Míate ŋu adi dzeɖonyawo ŋuti mɔfiamewo le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ kple Reasoning From the Scriptures gbalẽa me.
3 Ne míeléa ŋku ɖe wɔwɔfiawo ŋu nyuie le Subɔsubɔ Kpekpea me la, akpe ɖe mía ŋu. Ne dzeɖonya siwo míezãna va le mía mam ko la, ɣeyiɣi si míetsɔ dzrana ɖo la dzi aɖe akpɔtɔ. Gake ɣesiaɣi si míayi gbeadzi la, ne míedea ŋugble le nu siwo ŋu míedi be míaƒo nu tsoe ŋu heyia edzi nɔa asi trɔm le míaƒe dzeɖonyawo ŋu be woaganyo ɖe edzi wu la, awɔ dɔ ɖe amewo dzi wu. Ele be míagbɔ dzi ɖi akpɔe ɖa be nu sia nu si míehiã la le míaƒe gbeadzidekplowo me hã.
4 Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míaɖo ŋku míaƒe dzeɖonyawo dzi? Mɔ ɖeka si dzi míate ŋu ato ana woatsi susu me na mí ye nye be míakɔ gbe dzi anɔ wo me tom le mía ɖokui si enuenu. Ƒome aɖewo lɔ̃a wɔwɔfiawo me dzodzro le ƒomenusɔsrɔ̃ wɔɣi. Ame aɖewo hã kpɔe be edea yewo dzi ne yewoŋlɔ dzeɖonyaa kpuie ɖe agbalẽvi aɖe dzi eye yewoda ŋku ɖe eme vie hafi te ɖe ʋɔtrua nu.
5 Nu Si Ta Wònyo: Ne míedzrana ɖo nyuie la, míaƒe subɔsubɔdɔa nyona ɖe edzi wu eye wòhea dzidzɔ geɖe wu vanɛ na mí. Enana míeɖea dzi ɖi heɖea dzodzodzoetsitsi dzi kpɔtɔna ne míeɖo ʋɔtrua nu. Míaƒe susu nɔa aƒemenɔlaa ŋu wu be míatsi dzi ɖe nya si míagblɔ ŋu. Azɔ hã, nu si le míaƒe agbalẽwo me nyanya ana dzi naɖo mía ƒo wu ɖe enana ŋu.
6 Ŋɔŋlɔawo de dzi ƒo na mí be ‘míanɔ dzadzraɖoɖi na dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.’ (Tito 3:1) Dɔ kae li si ganyo wu gbeƒãɖeɖe nya nyuia? Ne míedzrana ɖo nyuie la, míeɖenɛ fiana be míedea bubu aƒemenɔla si lɔ̃ be yeaɖo to mí la ŋu, eye míedea bubu Yehowa, Mawu si teƒe míele la, hã ŋu.—Yes. 43:10.