Ðe Gbeƒã Madzudzɔmadzudzɔe
1 Ɣeaɖewoɣi la, míate ŋu ase le mía ɖokuiwo me be míekpe míaƒe anyigbamama la ɖo keŋkeŋ zi gbɔ zi geɖe, eye amewo metsɔ ɖeke le eme boo o. Ke hã, susu vevi aɖewo li siwo tae wòle be míayi edzi anɔ gbeƒã ɖem ɖo.—Mat. 28:19, 20.
2 Be Wòanye Ðaseɖiɖi: Yesu gblɔe ɖi be Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa anye “nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi la ƒe dzesi” ƒokpli la ƒe akpa vevi aɖe, eye woawɔ dɔ sia “be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã.” (Mat. 24:3, 14) Ne amewo kpɔ mí míele gbeƒã ɖem Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia la, enyea ɖaseɖiɖi sẽŋu aɖe na wo. Ne míedzo le ameawo gbɔ vɔ la, wo dometɔ aɖewo ate ŋu ava nɔ dze ɖom tso míaƒe sasrãkpɔa ŋu hena gaƒoƒo geɖe alo ŋkeke geɖewo, nenye be womeɖo to gbedeasia o gɔ̃ hã. Ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe susu siwo ta míeɖea gbeƒã ɖo ŋu akpe ɖe mía ŋu míayi dɔ sia wɔwɔ dzi kutrikukutɔe. Míedoa dzidzɔ na Yehowa esi míele gome kpɔm le Biblia me nyagblɔɖia ƒe emevava me to ɖaseɖiɖi kple nuxlɔ̃amegbedeasia gbɔgblɔ na amewo me.—2 Tes. 1:6-9.
3 Kutrikuku Hiã: Esi wònye be nu gbogbo aɖewo hea amewo ƒe susu, eye ɣeyiɣi geɖe menɔa wo si o ta la, ehiã kutrikuku le mía gome ne míedi be míana ameawo ƒe ɖetsɔleme nadzi ɖe edzi. Nɔviwo nɔ nyɔnu aɖe srãm kpɔ kwasiɖa sia kwasiɖa hena ƒe ɖeka sɔŋ hafi wòva kpe Ðasefoawo va eƒe aƒe me hena Biblia me dzeɖoɖo. Nu siwo wòse la do dzidzɔ nɛ ale gbegbe be elɔ̃ be woava nɔ Biblia srɔ̃m kple ye, ete kpekpeawo dede, eye eteƒe medidi o, egblɔ be yedi be yeaxɔ nyɔnyrɔ.
4 Xexea me ƒe nɔnɔmewo le tɔtrɔm kabakaba, eye nenema kee wòle le amewo hã gome. Ame siwo mexɔa mí tsã o la dometɔ geɖe ate ŋu alɔ̃ faa fifia aɖo to mɔkpɔkpɔ fakɔname si míeɖea gbeƒãe la. Ne ame ɖeka koe ɖo to Fiaɖuƒegbedeasia nyuie hã la, míaƒe kutrikukua ɖe vi aɖe.
5 Le xexea me godoo la, ame geɖe wu va “le hũ ɖem, eye wole nu xam ɖe ŋunyɔnu, siwo katã wole wɔwɔm” la ŋuti. (Xez. 9:4) Nu siwo le dodom tso míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa me le kpe ɖom edzi be ame siwo si dzi ƒe nɔnɔme nyui le la le to ɖom Fiaɖuƒegbedeasia. (Yes. 2:2, 3) Eya ta mina míayi edzi anɔ gbeƒã ɖem madzudzɔmadzudzɔe, eye lɔlɔ̃ naʋã mí míaku kutri le ‘nane si nyo wu la ŋuti nya nyui’ la gbɔgblɔ na amewo me.—Yes. 52:7; Dɔw. 5:42.