INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 1/09 axa 1
  • Aleke Woawɔ Asee?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aleke Woawɔ Asee?
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Alɔ Megaku Wò Le Nyanyuia Gbɔgblɔ Me O
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Nu Si Tae Míetrɔna Yina Enuenu Ðo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
  • Ðe Gbeƒã Madzudzɔmadzudzɔe
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
  • “Yi Edzi Nàlé Be Na Subɔsubɔdɔ, Si Nèlɔ̃ Xɔ Le Aƒetɔ La Me”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
km 1/09 axa 1

Aleke Woawɔ Asee?

1. Nu ka tae gbeƒãɖeɖedɔa ate ŋu asesẽ, eye nu ka tae míeyia ewɔwɔ dzi?

1 Esi wònye be Yehowa ƒe ŋkekea le aƒe tum kabakaba ta la, ehiã kpata fifia be míakpe ɖe ame geɖewo ŋu be Mawu kpakple tameɖoɖo si le esi na ameƒomea ŋuti sidzedze vavãtɔ nasu wo si. (Yoh. 17:3; 2 Pet. 3:9, 10) Esia wɔwɔ ate ŋu asesẽ ɣeaɖewoɣi, elabena ame geɖewo metsɔa ɖeke le gbedeasia me o alo wotea ŋu ɖua fewu le mía ŋu le gbeƒãɖeɖedɔ si wɔm míele la ta. (2 Pet. 3:3, 4) Ke hã, susu geɖewo li siwo tae míate ŋu aka ɖe edzi be amewo le míaƒe anyigbamamawo me siwo axɔ nya nyui la ne wonya see ko. Aleke ame siawo awɔ asee ne ame aɖeke meɖea gbeƒã o.—Rom. 10:14, 15.

2. Aleke apostolo Paulo ƒe kpɔɖeŋua dea dzi ƒo na míi?

2 Akɔkpekpe Kple Tsitretsiɖeŋu: Esi wònye be ame geɖewo li siwo lɔ̃na ɖoa to Fiaɖuƒegbedeasia ta la, mele be dzi naɖe le mía ƒo o. Filipi ye nye Europa du gbãtɔ si me apostolo Paulo ɖe gbeƒã nya nyuia le. Esi wotso Paulo kple Sila nu alakpatɔe la, woƒo wo ame evea kple ati hetsɔ wo de gaxɔ me. (Dɔw. 16:16-24) Ke hã, nudzɔdzɔ dovevesesename ma mena vɔvɔ̃ ɖo Paulo wòdzudzɔ gbeƒãɖeɖedɔa o. Esi Paulo yi du si kplɔ Filipi ɖo si nye Tesalonika me le eƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa wɔwɔ me la, ‘dzi ɖo eƒo to mía Mawu la dzi.’ (1 Tes. 2:2) Ðe Paulo ƒe kpɔɖeŋu sia mena míekpɔ susu si tae mele be ‘míagbɔdzɔ oa’?—Gal. 6:9.

3. Nu kawoe ate ŋu ana ame aɖewo siwo metsɔa ɖeke le nya la me tsã o la ƒe nɔnɔme natrɔ?

3 Ame siwo gbe toɖoɖo gbedeasia hena ƒe geɖe la dometɔ geɖe ƒe nɔnɔme va trɔ ale be wolɔ̃ ɖo to. Ganyawo ƒe sesẽ, dɔléle, ƒometɔ aɖe ƒe ku, alo xexea me nudzɔdzɔ ɖefuname aɖe ŋu nya sese te ŋu na ame aɖewo trɔ. (1 Kor. 7:31) Ðevi aɖewo siwo dzilawo tsi tsitre ɖe nya la ŋu la va tsi eye wova lɔ̃ be yewoaɖo to. Ne míeyi edzi le gbeƒã ɖem la, mɔnukpɔkpɔ asu ame siawo si be ‘woayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ la’ hafi wòatsi megbe akpa.—Rom. 10:13.

4. Nu kae ʋãa mí míeyia míaƒe subɔsubɔdɔa dzi “madzudzɔmadzudzɔe”?

4 “Madzudzɔmadzudzɔe”: Lɔlɔ̃ si le mía si na Mawu kple mía havi la aʋã mí míayi gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔa dzi “madzudzɔmadzudzɔe” abe ale si ko apostolo siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la wɔe ene. (Dɔw. 5:42) Egbea la, ame geɖewo “le hũ ɖem, eye wole nu xam ɖe ŋunyɔnu” siwo wɔm wole la ta. (Xez. 9:4) Mɔkpɔkpɔ kple gbɔdzɔe ka gbegbee nye esi sua ame siawo si, ne wose nya nyui la! Ne ame geɖewo gbe toɖoɖo gɔ̃ hã la, Ŋɔŋlɔawo ka ɖe edzi na mí be Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe míaƒe agbagbadzedzewo ŋu ale gbegbe.—Heb. 13:15, 16.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe