Èle Wo Ŋu Dɔ Wɔm Bliboea?
1 “Ezazã le gbeadzi mele tsɔtsɔ nam kura o!” Nya mawoe nɔvinyɔnu aɖe ŋlɔ le Gbetakpɔxɔ si nye January 1, 2008, ƒe tataa xexlẽ vɔ megbe. Èbu nyati siwo dzena edziedzi le gbetakpɔxɔ ƒe tata si míemana me la dometɔ aɖewo ŋu hebu mɔ siwo dzi nàto awɔ wo ŋu dɔ bliboe le gbeadzi la ŋu kpɔa?
2 “Nu Si Míesrɔ̃ Tso Yesu Gbɔ”: Ðewohĩ ède dzesii be nyati sia kpena ɖe ame ŋu le Biblia nusɔsrɔ̃ gɔmedzedze me. Ne mèwɔ esia kpɔ o la, dze agbagba nàxlẽ nyatia ƒe tanya na aƒemenɔla la, eye nàhe eƒe susu ayi nya si Yesu gblɔ tso nya ma ŋu le nyatia ƒe memama gbãtɔ me la dzi. Ne amea ɖe ɖetsɔleme fia enumake la, dze agbagba nàyi numedzodzroa dzi to tanya sue siwo nye nyabiase siwo nana wobua tame la zazã dzi. Ðe mɔ na amea wòaɖo nyabiasea ŋu. Ƒo nu tso nɔnɔmetata siwo do ƒome kplii la ŋu kpuie, eye miayi edzi kple memama si kplɔe ɖo. Miate ŋu asrɔ̃ abe nyatia ƒe afã ene le yiyi zi gbãtɔ me, eye miadzro eƒe akpa susɔea me ne ègatrɔ yi. Dzra ɖo be miayi nusɔsrɔ̃a dzi le Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa me.
3 “Nu Vevi Siwo Naa Ƒomewo Kpɔa Dzidzɔ”: Taɖodzinu si le nyati sia si dzena le magazinea me ɣleti etɔ̃ sia ɣleti etɔ̃ ŋue nye be wòakpe ɖe srɔ̃ŋutsuwo, srɔ̃nyɔnuwo, kple dzilawo ŋu woakpɔ ale si woate ŋu atsɔ Biblia me gɔmeɖosewo awɔ dɔe ne wodze ŋgɔ kuxi siwo gblẽa ƒomea ƒe ŋutifafa dome. Àte ŋu azã nyati sia hã atsɔ akpe ɖe ame siwo menye Ðasefowo o la ŋu woakpɔ nunya si le Biblia me la adze sii.—2 Tim. 3:16, 17.
4 Nyati Siwo Ado Dzidzɔ Na Sɔhɛwo: Nyati si nye “Na Sɔhɛwo” naa mɔnukpɔkpɔ nuxlẽla la be wòate ŋu ade ŋugble tso Biblia me nuŋlɔɖi aɖe koŋ ŋu. Àte ŋu azã nyati siawo atsɔ akpe ɖe sɔhɛ siwo nàdo goe le gbeadzi la ŋu woakpɔ viɖe ŋutɔŋutɔ siwo dona tso Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ me. (Ps. 119:9, 105) Ne èle nu ƒom na dzilawo la, àte ŋu aƒo nu tso nyati si nye “Fia Nu Viwòwo,” si dzena le ɣleti bubu tɔ me. Nyati siawo ate ŋu akpe ɖe ɖevi suewo ŋu woasrɔ̃ nu vevi aɖe tso ame siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe la dometɔ aɖewo ŋu. Èɖoe wò taɖodzinu be yeaxlẽ nyati siawo dometɔ aɖewo na viwòwoa?
5 Nyati Bubuwo: Nyati si nye “Exlẽlawo Bia Be” dzena ɣleti sia ɣleti, eye wòdzroa nyabiase aɖe si ame siwo menye Ðasefowo o la ate ŋu abia la me. Àte ŋu aƒo nu tso nyati sia ŋu ne èle magazineawo mam tso aƒe me yi aƒe me. Nyati si nye, “Lɛta Si Tso . . . ” la ƒoa nu tso kuxi siwo dutanyanyuigblɔlawo kple gbeƒãɖela bubuwo doa goe le woƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me la ŋu. Nyati siawo ate ŋu akpe ɖe ame yeyewo ŋu woakpɔe be wole gbeƒã ɖem le xexea me godoo, eye esia nye Kristo ƒe anyinɔnɔ ƒe dzesia me vava ƒe akpa aɖe.—Mat. 24:3, 14.
6 Nyati si nye “Te Ðe Mawu Ŋu” si dzena ɣleti sia ɣleti si wotu ɖe Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Biblia xexlẽa dzi la ate ŋu aʋã ame siwo si dzi nyui le woadi be yewoasrɔ̃ nu geɖe tso Yehowa ŋu. Wotrɔ asi le nyati si nye “Srɔ̃ Woƒe Xɔse,” si dzena zi ene le ƒea me la ŋu be wòakpe ɖe amewo ŋu woakpɔ Biblia me nudzɔdzɔwo le susu me, ana ame siwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me ƒe tiatiawo, kuxiwo, kple xɔse nanye nu ŋutɔŋutɔ na ame siwo le wo xlẽm egbea.
7 Aleke gbegbee dzi dzɔa míe nye esi be míexɔa Gbetakpɔxɔ ƒe tata blibo si ŋu wotrɔ asi le na zazã le gbeadzi ɣleti sia ɣleti! Eya ta mina míadze agbagba anya wo me nyawo nyuie, eye míawɔ wo ŋu dɔ bliboe le míaƒe gbeadzisubɔsubɔdɔa me.