Tɔtrɔ Lédziname Siwo Wowɔ Le Gbetakpɔxɔ Ŋu!
1 Le ƒe sia ƒe gɔmedzedze la, hamewo se gbeƒãɖeɖe dodzidzɔname aɖe: Tso January 2008 dzi la, míanɔ Gbetakpɔxɔ ƒe tata ƒomevi eve xɔm, ɖeka ayi na ame siwo menye Ðasefowo o, eye ɖeka ayi na mía nɔvi Kristotɔwo! Ðewohĩ ele ɖokuiwò biam be: ‘Vovototo kae anɔ magazine eveawo dome?’ Vi kae magazine ƒe tata vovovo xɔxɔ aɖe? Ðe nyati yeyewo anɔ wo mea?
2 Vovototoawo: Míayɔ ɣleti ɖe sia ɖe ƒe ŋkeke gbãtɔ ƒe tataa be Tata Si Míama. Woatrɔ asi le emenyawo katã ŋu be wòayi na ame siwo menye Ðasefowo o. Míayɔ ɣleti ɖe sia ɖe ƒe ŋkeke 15 lia ƒe tata be Tata Si Míasrɔ̃, eye míana esia le gbeadzi o. Ɣleti bliboa ƒe nusɔsrɔ̃ nyatiwo katã anɔ eme, eye nyati ʋɛ bubu aɖewo hã anɔ eme, siwo asɔ na Kristotɔ ɖeadzɔgbewo. Tata Si Míama ƒe Gbetakpɔxɔ la xexlẽ ado dzidzɔ na Ðasefowo, gake ado dzidzɔ na ame siwo xɔ Biblia dzi se evɔ womenye Ðasefowo o la wu. Le go bubu me la, woayi edzi atrɔ asi le Nyɔ! ŋu be woayi na ameƒome bliboa, siwo dometɔ aɖewoe nye ɖikelawo kple ame siwo nye subɔsubɔha siwo menye Kristotɔwo o me tɔwo.
3 Viɖeawo: Le Tata Si Míasrɔ̃ me la, mahiã be woaɖe nyawo abe “mɔɖela” ene me agblɔe bubui be egɔme nanya se na ame siwo menye Ðasefowo o. Nufiame siwo ayi na mí Yehowa Ðasefowo kple míaƒe Biblia nusrɔ̃ vi siwo le ŋgɔyiyi wɔm la ate ŋu anɔ eme. Ke Tata Si Míama ya ɖe? Esi wònye be woatrɔ asi le nyati kple atsyã siwo le eme ŋu be wòayi na ame katã ta la, magazine bliboa xexlẽ tso eƒe gɔmedzedze va se ɖe eƒe nuwuwu ado dzidzɔ na ame si menye Ðasefo o la. Ke hã, tata ma me nyawo xexlẽ aɖe vi na Yehowa Ðasefo ɖe sia ɖe. Esi wònye be Gbetakpɔxɔ ɖeka kple Nyɔ! ɖeka koe míama le gbeadzi ɣleti ɖe sia ɖe ta la, míate ŋu azã magazine nana ƒe mɔnu siwo ɖea kpe wu la nyuie ɣleti bliboa.
4 Nyati Yeyewo: Wole ɖoɖo wɔm ɖe nyati yeye siwo anɔ Gbetakpɔxɔ ƒe Tata Si Míama me la ŋu. Nyati ɖeka adzro Ŋɔŋlɔawo me nufiafia veviwo me le mɔ bɔbɔe aɖe nu. Nyati bubu aɖe ale si Biblia ate ŋu akpe ɖe ƒomewo ŋui la me. Akpa bubu anye esi ɖeviwo ate ŋu azã atsɔ asrɔ̃ Bibliae. Le tata ɖe sia ɖe me la, nyati aɖe anɔ eme si ate gbe ɖe Biblia ƒe akpa aɖewo siwo fiaa nu mí ku ɖe Yehowa ƒe amenyenye ŋu la dzi.
5 Míaƒe gbedodoɖae nye be Yehowa nayra ɖe Gbetakpɔxɔ tata ƒe ɖoɖo yeye sia dzi. Neva eme be magazine sia kple Nyɔ! nana nya nyuia naɖo ame geɖe siwo dze la gbɔ.—Mat. 10:11.