Lɛta Si Alɔdzedɔwɔƒea
Fiaɖuƒegbeƒãɖela Lɔlɔ̃tɔwo:
Le ƒe geɖe siwo va yi me la, suku siwo ŋu Yehowa, míaƒe Nufiala Gãtɔ la, wɔ ɖoɖo ɖo to eƒe habɔbɔ dzi be woatsɔ ana hehe nya nyui gbeƒãɖelawo la ɖe vi na ame geɖewo. (Yes. 48:17, 18) Le kpɔɖeŋu me, Teokrasi Subɔsubɔ Suku kple nuŋɔŋlɔ kple nuxexlẽ srɔ̃suku la ɖe vi na ame yeyewo kple ame siwo menya nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ o.
Gakpe ɖe eŋu la, woyi edzi le hehe nam amewo le Mɔɖelawo ƒe Subɔsubɔ Suku, Subɔsubɔdɔ ƒe Hehenasuku, Fiaɖuƒe Subɔsubɔ Suku, kple Dzikpɔla Mɔzɔlawo ƒe Sukuawo me be wòaɖe vi na hameawo. Enye dzidzɔ na mí fifia be míana mianya be woɖo suku yeye aɖe si dze egɔme fifia le United States.
Esi woɖe gbeƒã aɖe le Brooklyn Betel le February 4, 2008 dzi la, woƒo asikpe dzidzɔtɔe. Gbeƒãɖeɖea xlẽ be: “Le kwasiɖanuwuwu si va yi me la, dzikpɔla zimenɔlawo tso hame vovovo siwo le United States me va . . . hena Hamemetsitsiwo Ƒe Suku ƒe klass gbãtɔ dede.” Nu siwo ŋu kwasiɖa ɖeka ƒe suku ma ku ɖo la lɔ dzikpɔla zimenɔlawo ƒe agbanɔamedziwo ƒe akpa vovovowo ɖe eme, eye akpe ɖe wo ŋu be woawɔ woƒe dɔwo nyuie wu.—Dɔw. 20:28.
Sukuviawo de ha kple Betel ƒomea, kpɔ gome le ŋdi mawunyakpukpuia me dzodzro me gbe sia gbe, eye wode Betel ƒomea ƒe Gbetakpɔxɔ Nusrɔ̃ƒe hã le Dzoɖa fiẽ. Le sukua ƒe ŋkeke mamlɛtɔ dzi la, United States Alɔdzekɔmitia me tɔ aɖe kple Dziɖuhaa me tɔ aɖe ƒo nuƒo tɔxɛ aɖewo. Enye dzidzɔ na mí be Yehowa wɔ ɖoɖo ɖe suku sia ŋu, eye míele mɔ kpɔm vevie be woava wɔ suku sia ƒe ɖe le mía gbɔ kpuie.
Mia nɔviwo,
Ghana Alɔdzedɔwɔƒea