Teokrasi Subɔsubɔ Suku
Taɖodzinua: Be woana hehe gbeƒãɖelawo be woazu nya nyui gbeƒãɖela kple nufiala bibiwo.
Ɣeyiɣi Didime Si Wòxɔna: Eyia edzi ɖaa.
Teƒe Si Wowɔnɛ Le: Fiaɖuƒe Akpata si le nutoa me.
Ame Siwo Ate Ŋu Akpɔ Gome Le Eme: Ame siwo katã dea ha kple hamea edziedzi, siwo lɔ̃ ɖe Biblia ƒe nufiafiawo dzi, eye woƒe agbenɔnɔ wɔ ɖeka kple Kristotɔwo ƒe dzidzenuwo.
Ale Si Ame Awɔ Akpɔ Gome Le Eme: Teokrasi Subɔsubɔ Suku dzikpɔla ye ŋlɔa sukuviwo ŋkɔwo.
Sharon, si lãmetutudɔ vɔ̃ɖi aɖe le fu ɖem na la gblɔ be: “Teokrasi Subɔsubɔ Suku la fia ale si mawɔ numekuku kple ale si maɖe nyawo me le ɖoɖo nu lam. Mesrɔ̃ ale si mana nye susu nanɔ ame bubuwo ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo ŋu—ke menye tɔnye ko ŋu o.”
Arnie, si nye dzikpɔla mɔzɔla ɣeyiɣi didi aɖe la, gblɔ be: “Mekukɔna tso nye ɖevime ke eye esesẽna nam be makpɔ amewo ŋkume. Suku sia kpe ɖe ŋunye dzi nɔa ƒonye eye nyemegabua ɖokuinye be asixɔxɔ aɖeke mele ŋunye o. Yehowa kpe ɖe ŋunye to hehe sia dzi mesrɔ̃ mɔ siwo dzi mato agbɔ nyuie eye nye susu nanɔ nu ŋu. Medaa akpe ŋutɔ ɖe ale si metea ŋu kafua Mawu le hamea me kple le gbeadzi siaa la ta.”
Betel Vala Yeyewo Ƒe Suku
Taɖodzinua: Be wòakpe ɖe Betel vala yeyewo ŋu woakpɔ dzidzedze le woƒe Betel subɔsubɔdɔa me.
Ɣeyiɣi Didime Si Wòxɔna: Miniti 45 kwasiɖa sia kwasiɖa hena kwasiɖa 16.
Teƒe Si Wowɔnɛ Le: Betel.
Nudidi Siwo Gbɔ Woaɖo: Ele be woazu Betel ƒomea me tɔwo koŋ alo lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo dzi woda asi ɖo be woasubɔ le Betel ƒe ɖeka alo esi wu nenema.
Mɔ Si Dzi Woato Adee: Betel ƒomea me tɔ yeyewoe kpɔa gome le eme.
Demetrius, si de suku sia le ƒe 1980-awo me la gblɔ be: “Suku sia na nye ɖokuisinusɔsrɔ̃ nyo ɖe edzi eye ekpe ɖe ŋunye menɔ dzadzraɖoɖi hena subɔsubɔ ƒe geɖe le Betel. Nufialawo, nusrɔ̃ɖoɖoawo, kple aɖaŋuɖoɖo ɖevi siwo wonam la na meka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃m eye edi be yeakpe ɖe ŋunye makpɔ dzidzedze le Betel subɔsubɔdɔa me.”
Kaitlyn gblɔ be: “Wokpe ɖe ŋunye be nye susu nanɔ nu vevitɔ ŋu—si nye be matsi le gbɔgbɔ me. Betel Vala Yeyewo Ƒe Sukua na megakpɔ ŋudzedze ɖe Yehowa, eƒe aƒea kple eƒe habɔbɔa ŋu geɖe wu.”
Fiaɖuƒe Subɔsubɔ Suku
Taɖodzinua: Be woana hehe dzikpɔla mɔzɔlawo, hamemetsitsiwo, kple ɣeaɖewoɣi la, subɔsubɔdɔwɔlawo, be woawɔ dzikpɔkpɔdɔ kple dɔ siwo habɔbɔa de wo si la nyuie. (Dɔw. 20:28) Wohea susu yia ale si nuwo le fifia, nɔnɔme siwo hamea me tɔ geɖe le ɖeɖem fia, kple hameawo ƒe nuhiahiã siwo gbɔ wole be woakpɔ enumake la dzi. Wowɔa suku sia ƒe ʋɛ aɖewo le mamlɛtɔ si wowɔ la megbe abe ale si Dɔdzikpɔha la wɔ eŋutiɖoɖo ene.
Ɣeyiɣi Didime Si Wòxɔna: Le ƒe siwo va yi nyitsɔ laa me la, dzikpɔla mɔzɔlawo dea suku sia ŋkeke eve alo ŋkeke eve kple afã, hamemetsitsiwo denɛ ŋkeke ɖeka kple afã, eye subɔsubɔdɔwɔlawo denɛ ŋkeke ɖeka.
Teƒe Si Wowɔnɛ Le: Zi geɖe la, wowɔnɛ le Fiaɖuƒe Akpata alo Takpexɔ aɖe me. Nudidi Siwo Gbɔ Woaɖo: Ele be woanye dzikpɔla mɔzɔlawo, hamemetsitsiwo, alo subɔsubɔdɔwɔlawo.
Ale Si Woawɔ Adee: Nutome sue dzikpɔla kpea hamemetsitsi kple subɔsubɔdɔwɔla siwo akpɔ gome le eme. Alɔdzedɔwɔƒea ye kpea dzikpɔla mɔzɔlawo ya.
“Togbɔ be míesrɔ̃a nu gbogbo aɖe le ɣeyiɣi kpui aɖe me hã la, sukua doa ŋusẽ hamemetsitsiwo eye wòkpena ɖe wo ŋu be woanɔ dzidzɔ kpɔm ‘ahawɔ ŋutsu’ le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me. Hamemetsitsi yeyewo kple xoxoawo siaa srɔ̃ ale si woakplɔ alẽawo nyuie wu eye woawɔ ɖeka nyuie le ‘tamesusu ɖeka me.’”—Quinn (ete).
“Hehe sia kpe ɖe mía ŋu míese ale si míawɔ atu míaƒe xɔse ɖo gɔme, exlɔ̃ nu mí tso afɔkuwo ŋu, eye wòkpe ɖe mía ŋu míekpɔ afɔ siwo míaɖe alé be na alẽawo. Aleke gbegbe Yehowa ƒe dɔme nyoe nye esi.”—Michael.
Mɔɖelawo Ƒe Subɔsubɔ Suku
Taɖodzinua: Be wòakpe ɖe mɔɖelawo ŋu ‘woawɔ woƒe subɔsubɔdɔ la ade goe.’—2 Tim. 4:5.
Ɣeyiɣi Didime Si Wòxɔna: Kwasiɖa eve.
Teƒe Si Wowɔnɛ Le: Alɔdzedɔwɔƒea ye tiaa teƒea; zi geɖe la, wowɔnɛ le Fiaɖuƒe Akpata aɖe me.
Nudidi Siwo Gbɔ Woaɖo: Ele be ame nanye gbesiagbe mɔɖela hena ƒe ɖeka alo esi wu nenema.
Mɔ Si Dzi Woato Adee: Nutome sue dzikpɔla tiaa mɔɖela siwo dze adee la eye wònana wonyana.
Lily (ɖusime) gblɔ be: “Suku ma kpe ɖe ŋunye meɖu kuxiwo dzi le gbeadzi kple le nye agbe me. Mewɔ ŋgɔyiyi geɖe ŋutɔ le ale si mesrɔ̃a nui, fiaa nui hezãa Bibliae la me. Mele dzadzraɖoɖi nyuie wu be makpe ɖe amewo ŋu, makpe asi ɖe hamemetsitsiwo ŋu, eye makpe asi ɖe hamea ƒe dzidziɖedzi ŋu.”
Brenda, si de sukua zi eve la, gblɔ be: ‘Ekpe ɖe ŋunye nye susu le gbɔgbɔmenuwo ŋu bliboe, edo ŋusẽ nye dzitsinya, eye wòna nye susu katã le ale si mawɔ akpe ɖe amewo ŋu la ŋu. Vavãe, Yehowa ƒe dɔme nyo ŋutɔ!’
Hamemetsitsiwo Ƒe Suku
Taɖodzinua: Be wòakpe ɖe hamemetsitsiwo ŋu woatsɔ hamea me agbanɔamedzi siwo wode wo si la nyuie eye woase nu si Yehowa subɔsubɔ bia tso wo si la gɔme nyuie wu.
Ɣeyiɣi Didime Si Wòxɔna: Ŋkeke atɔ̃.
Teƒe Si Wowɔnɛ Le: Alɔdzedɔwɔƒea ye tiaa teƒea; zi geɖe la, enyea Fiaɖuƒe Akpata alo Takpexɔ aɖe me.
Nudidi Siwo Gbɔ Woaɖo: Ele be woanye hamemetsitsiwo.
Mɔ Si Dzi Woato Adee: Alɔdzedɔwɔƒea ye kpea hamemetsitsiwo.
Se nya si ame siwo de klass 92 lia le United States la dometɔ aɖewo gblɔ la ɖa:
“Sukua ɖe vi nam ŋutɔ, ekpe ɖe ŋunye melé ŋku ɖe ɖokuinye ŋu eye mekpɔ ale si mate ŋu alé be na Yehowa ƒe alẽawo.”
“Mesu te azɔ be made dzi ƒo na ame sia ame to gbetete ɖe nyati veviwo dzi le Ŋɔŋlɔawo me dzi.”
“Mawɔ hehe sia ŋu dɔ le nye agbemeŋkeke mamlɛawo katã me.”
Dzikpɔla Mɔzɔlawo Kple Wo Srɔ̃wo Ƒe Suku
Taɖodzinua: Be woakpe ɖe nutome sue kple nutome gã dzikpɔlawo ŋu woasubɔ hameawo nyuie wu esi ‘wole vevie dom nu le nuƒoƒo kple nufiafia me.’—1 Tim. 5:17; 1 Pet. 5:2, 3.
Ɣeyiɣi Didime Si Wòxɔna: Ɣleti eve.
Teƒe Si Wowɔnɛ Le: Alɔdzedɔwɔƒea ye tianɛ.
Nudidi Siwo Gbɔ Woaɖo: Ele be nɔviŋutsua nanye nutome sue alo nutome gã dzikpɔla.
Mɔ Si Dzi Woato Adee: Alɔdzedɔwɔƒea ye kpea dzikpɔla mɔzɔlawo kple wo srɔ̃wo.
“Míegakpɔ ŋudzedze ɖe ale si Yesu wɔa eƒe tanyenye ŋu dɔ le habɔbɔa dzi kpɔkpɔ me ŋu geɖe ŋutɔ. Míekpɔe be ehiã be míade dzi ƒo na nɔvi siwo subɔm míele eye míado ŋusẽ ɖekawɔwɔ si le hame ɖe sia ɖe me. Hehe sia na wòtsi susu me na mí be togbɔ be dzikpɔla mɔzɔla ɖoa aɖaŋu eye wòɖɔa amewo ɖo ɣeaɖewoɣi hã la, eƒe taɖodzinu vevitɔe nye be wòakpe ɖe nɔviawo ŋu woakpɔe be Yehowa lɔ̃ wo.”—Joel, si de klass gbãtɔ le ƒe 1999 me.
Nɔviŋutsu Trewo Ƒe Bibliasrɔ̃suku
Taɖodzinua: Be woana hehe hamemetsitsi kple subɔsubɔdɔwɔla siwo meɖe srɔ̃ o la be woaxɔ agbanɔamedzi geɖe wu le Yehowa ƒe habɔbɔa me. Woade dɔ asi na suku sia nuwulawo dometɔ geɖe be woasubɔ le afi si hiahiã le le dukɔ si me wole la me. Woate ŋu aɖo wo dometɔ bubuwo ɖe dukɔ bubu aɖe me ne wogblɔ be yewole klalo. Sukua nuwula aɖewo ate ŋu asubɔ abe ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe mɔɖela veviwo ene be woadze gbeƒãɖeɖedɔa gɔme ahakekee ɖe enu le didiƒewo kple nuto saɖeagawo me.
Ɣeyiɣi Didime Si Wòxɔna: Ɣleti eve.
Teƒe Si Wowɔnɛ Le: Alɔdzedɔwɔƒea ye tianɛ; zi geɖe la, enyea Fiaɖuƒe Akpata alo Takpexɔ aɖe me.
Nudidi Siwo Gbɔ Woaɖo: Nɔviŋutsu tre siwo xɔ tso ƒe 23 va ɖo ƒe 62 eye wole lãmesẽ nyui me, siwo di be yewoasubɔ le afi sia afi si hiahiã geɖe wu le. (Marko 10:29, 30) Ele be woanye ame siwo le subɔsubɔm abe gbesiagbe mɔɖelawo ene ƒe eve ya teti eye wole subɔsubɔm abe hamemetsitsiwo alo subɔsubɔdɔwɔlawo ene, ne mede ɖeke o la, ƒe eve tsiã ɖe enu.
Ale Si Woawɔ Adee: Wowɔa kpekpe aɖe le nutome sue takpekpewo me na ame siwo di be yewoade suku sia.
Rick si de klass 23 lia le United States la gblɔ be: “Gomekpɔkpɔ le suku sia me bliboe na Yehowa ƒe gbɔgbɔa wɔ tɔtrɔ geɖe le nye amenyenye ememetɔ ŋu. Ne Yehowa de dɔ aɖe asi na ame aɖe la, ekpena ɖe eŋu le dɔa wɔwɔ me. Mesrɔ̃e be, ne metsɔ nye susu ɖo Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ŋu, ke menye ɖokuinye dzi o la, ado ŋusẽm.”
Andreas, si le subɔsubɔm le Germany la, gblɔ be: “Meva kpɔe be ale si Mawu ƒe habɔbɔa le zɔ ɖem egbea la nye nukunu. Hehe sia kpe ɖe ŋunye medzra ɖo ɖe dɔ si le ŋgɔ la ŋu. Gakpe ɖe eŋu la, Biblia me kpɔɖeŋu geɖe fia nyateƒe vevi siam: Nɔvinyewo kpakple Yehowa subɔsubɔ hea dzidzɔ vavãtɔ vanɛ.”
Kristotɔ Srɔ̃tɔwo Ƒe Bibliasrɔ̃suku
Taɖodzinua: Be woana hehe tɔxɛ srɔ̃tɔwo ale be Yehowa kple eƒe habɔbɔa nate ŋu azã wo geɖe wu. Woade dɔ asi na suku sia nuwulawo dometɔ geɖe be woasubɔ le afi si hiahiã geɖe wu le le dukɔ si me wole me. Woate ŋu ade dɔ asi na wo dometɔ aɖewo be woayi aɖasubɔ le dukɔ bubu aɖe me ne wogblɔ be yewole klalo. Sukua nuwula aɖewo ate ŋu asubɔ abe ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe mɔɖela veviwo ene be woadze gbeƒãɖeɖedɔa gɔme ahakekee ɖe enu le didiƒewo kple nuto saɖeagawo me.
Ɣeyiɣi Didime Si Wòxɔna: Ɣleti eve.
Teƒe Si Wowɔnɛ Le: Wodze suku sia gɔme le United States, eye tso September 2012 me la, woanɔ ewɔm le alɔdzedɔwɔƒe tiatia aɖewo ƒe anyigbamama me le xexea me godoo; zi geɖe la, woawɔe le Fiaɖuƒe Akpata alo Takpexɔ aɖe me.
Nudidi Siwo Gbɔ Woaɖo: Atsu kple asi siwo xɔ tso ƒe 25 va ɖo ƒe 50 eye wole lãmesẽ nyui me, siwo ƒe nɔnɔmewo ɖe mɔ na wo be woasubɔ le afi sia afi si hiahiã geɖe wu le, woanye ame siwo si “Nyee nye esi! Dɔm” ƒe nɔnɔme le. (Yes. 6:8) Eye ele be woaɖe wo nɔewo ƒe eve ya teti, eye woanɔ subɔsubɔm le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me, ne mede ɖeke o la, ƒe eve ya teti tsiã ɖe enu. Ele be srɔ̃ŋutsua nanɔ subɔsubɔm abe hamemetsitsi alo subɔsubɔdɔwɔla ene ƒe eve ya teti tsiã ɖe enu.
Ale Si Woawɔ Adee: Wowɔa kpekpe aɖe le nutome gã takpekpea me na ame siwo di be yewoadee. Wonaa nyatakaka bubuwo tso sukua ŋu le kpekpe sia me. Ne womewɔa kpekpe sia le nutome gã takpekpewo me le miaƒe dukɔa me o, evɔ miedi be yewoade sukua la, miate ŋu aŋlɔ agbalẽ na miaƒe alɔdzedɔwɔƒea hena nyatakaka bubuwo xɔxɔ.
“Kwasiɖa enyi ƒe mɔnukpɔkpɔ si trɔa ame ƒe agbenɔnɔ kae nye esia ʋu ɖi na srɔ̃tɔ siwo di be yewoawɔ geɖe le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me! Míeɖoe kplikpaa be míanɔ agbe si da sɔ, si akpe ɖe mía ŋu míazã míaƒe ɣeyiɣiwo nunyatɔe.”—Eric kple Corina (ete), siwo de klass gbãtɔ le ƒe 2011 me.
Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Gilead Biblia Suku
Taɖodzinua: Be woana hehe sukuviawo be woazu dutanyanyuigblɔla gbeadzinɔlawo le dugã siwo me amewo sɔ gbɔ ɖo me, alo woazu dzikpɔla mɔzɔlawo, alo Betel dɔwɔlawo. Taɖodzinua ye nye be woado ŋusẽ hamewo ahali ke wo eye woakpɔ egbɔ be wozɔ ɖe ɖoɖowo dzi pɛpɛpɛ le alɔdzedɔwɔƒewo.
Ɣeyiɣi Didime Si Wòxɔna: Ɣleti atɔ̃.
Teƒe Si Wowɔnɛ Le: Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Hehenaƒe si le Patterson, New York, U.S.A.
Nudidi Siwo Gbɔ Woaɖo: Woanye srɔ̃tɔ siwo le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ tɔxɛa ƒe akpa aɖe me xoxo, abe dutanyanyuigblɔla gbeadzinɔla siwo mede sukua o, mɔɖela veviwo, dzikpɔla mɔzɔlawo, alo Betel ƒomea me tɔwo ene. Ele be woanɔ dɔ sia wɔm ɖekae ƒe etɔ̃ ya teti tsiã ɖe enu. Ele be woanye ame siwo doa Eŋlisigbe, xlẽnɛ, eye woŋlɔnɛ hã nyuie.
Ale Si Woawɔ Adee: Alɔdzekɔmiti lae akpe atsu kple asi la be woakpe sukua ƒe dɔbiagbalẽ ɖo.
Lade kple Monique tso United States eye wole subɔsubɔm le Afrika fifia. Lade gblɔ be: “Gilead Sukua dzra mí ɖo be míate ŋu ayi afi sia afi le xexea me, eye míele klalo be míawɔ dɔ kple mía nɔvi lɔlɔ̃awo.”
Monique gblɔ kpee be: “Esi mele nu siwo mesrɔ̃ tso Mawu ƒe Nya me la dzi wɔm ta la, mele dzidzɔ geɖe kpɔm le nye dɔdeasia wɔwɔ me. Mekpɔnɛ be dzidzɔ sia nye Yehowa ƒe lɔlɔ̃ ƒe kpeɖodzi bubu.”
Alɔdzekɔmiti Me Tɔwo Kple Wo Srɔ̃wo Ƒe Suku
Taɖodzinua: Be wòakpe ɖe Alɔdzekɔmiti me tɔwo ŋu woakpɔ Betel ƒewo dzi nyuie wu, be woakpɔ hameawo ƒe nuhiahiãwo gbɔ, eye woakpɔ nutome sue kple nutome gã siwo le woƒe anyigbamama me la dzi nyuie. Wosrɔ̃a nu tso gbegɔmeɖeɖe, agbalẽtata kple agbalẽwo ɖoɖo ɖe hameawo ƒe dɔawo hã ŋu.
Ɣeyiɣi Didime Si Wòxɔna: Ɣleti eve.
Teƒe Si Wowɔnɛ Le: Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Hehenaƒe si le Patterson, New York, U.S.A.
Nudidi Siwo Gbɔ Woaɖo: Ele be nɔviŋutsua nanye Alɔdzekɔmiti alo Dukɔ Dzikpɔkɔmiti me tɔ alo ame si woade dɔ sia asi na.
Mɔ Si Dzi Woato Adee: Dɔdzikpɔha lae kpea nɔviŋutsuawo kple wo srɔ̃wo.
Lowell kple Cara de klass 25 lia, eye wole subɔsubɔm le Nigeria. Lowell gblɔ be: “Woɖo ŋku edzi nam be aleke kee dɔ ɖale dzinye o, alo dɔ ka kee woɖade asi nam o, nu vevitɔ si ana Yehowa nakpɔ ŋudzedze ɖe ŋunyee nye be matsi le gbɔgbɔ me. Le sukua me la, wofia nu si tae wòle vevie be míawɔ nu ɖe mía nɔviwo ŋu abe ale si ko Yehowa wɔa nu ɖe esubɔlawo ŋui ene hã mí.”
Cara gblɔ kpee be: “Nya aɖe si dzi meɖoa ŋkui ye nye be, ‘Ne nyemate ŋu aɖe nane me woase egɔme bɔbɔe o la, ke ehiã be masrɔ̃ nyatia nyuie hafi matee kpɔ be mafia amewo.’”