Fia Nu Ame Siwo Menya Nuxexlẽ Nyuie O
1. Kuxi kae míate ŋu ado go le subɔsubɔdɔa me?
1 Ne míele gome kpɔm le míaƒe subɔsubɔdɔa me la, kuxi si míedoa goe ɣeaɖewoɣie nye nyateƒea fiafia ame siwo menya nuxexlẽ nyuie o. Nu kae míate ŋu awɔ?
2. Alekee míedea bubu ame siwo menya nuxexlẽ nyuie o la ŋu, eye nu ka tae?
2 De Bubu Wo Ŋu: Dzi ƒe nɔnɔme si le ame si ŋue Yehowa léa ŋku ɖo, ke menye ame ƒe agbalẽnyanya ye o. (1 Sam. 16:7; Lod. 21:2) Eya ta míeɖia gbɔ ame siwo menya nuxexlẽ nyuie o la o. Ne míewɔ nu le ameŋububu kple dzigbɔɖeanyi me la, anɔ bɔbɔe na ame siawo tɔgbi be woalɔ̃ faa be míakpe ɖe yewo ŋu. (1 Pet. 3:15) Nu si esia lɔ ɖe emee nye be míazi amea dzi be wòaxlẽ mawunyakpukpui alo memama aɖe kokoko o. Ne amea le ŋgɔyiyi wɔm le Biblia me nyateƒea sɔsrɔ̃ me la, ava di vevie be yeƒe nuxexlẽ nanyo ɖe edzi ale be yeate ŋu ase vivi le Mawu ƒe Nya la xexlẽ kple ‘gbe blewu zã kple keli’ me.—Ps. 1:2, 3.
3. Mɔ vovovo kawo dzie míate ŋu ato afia nu ame siwo menya nuxexlẽ nyuie o?
3 Mɔ Vovovo Siwo Dzi Nàto Afia Nu: Nɔnɔmetatawo zazã nye nufiafiamɔnu nyui aɖe si nana wote ŋu ɖoa ŋku nu siwo wosrɔ̃ dzi. Àte ŋu abia nusrɔ̃via ƒe nukpɔsusu tso nɔnɔmetata aɖe si dze le agbalẽ si srɔ̃m miele me ŋu. Emegbe zã nyabiasewo nàtsɔ akpe ɖe eŋu wòase nu si fiam nɔnɔmetataa le la gɔme. Xlẽ ŋɔŋlɔ siwo he susu yi nufiame vevi aɖewo dzi le nɔnɔmetataa me. Àte ŋu azã nɔnɔmetatawo atsɔ adzro nu siwo miesrɔ̃ hã me. Migasrɔ̃ nu sɔgbɔ le anyinɔnɔ ɖeka me o. Te gbe ɖe tanyaa kple nyati veviawo dzi, eye ƒo asa na nuƒoƒo tso nu siwo meku ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu tẽe o la ŋu. Xlẽ ŋɔŋlɔawo tso Biblia me tẽe, eye zã biabiawo nàtsɔ akpɔ egbɔ be nusrɔ̃via se nu si miexlẽ la gɔme. Esia awɔe be wòadi vevie be yeana yeƒe nuxexlẽ ƒe ŋutete nanyo ɖe edzi ale be yeate ŋu ake ɖe Biblia me nyateƒe geɖe wu ŋu le ye ɖokui si.
4. Alekee míate ŋu akpe ɖe míaƒe nusrɔ̃vi aɖe ŋu be wòana eƒe nuxexlẽ ƒe ŋutete nanyo ɖe edzi?
4 Nu Siwo Akpe Ðe Wo Ŋu: Ame siwo menya nuxexlẽ nyuie o alo ame siwo si mɔnukpɔkpɔ mesu wosrɔ̃ ale si woaxlẽ nu wòazɔ tẽe o la ate ŋu ase nuwo gɔme ahalé nyawo ɖe susu me nyuie ŋutɔ. Àte ŋu ade dzi ƒo na ame siawo tɔgbi be woanɔ to lém ɖe nuxlẽla bibiwo ŋu ahakplɔ nuxexlẽa ɖo le woawo ŋutɔwo ƒe agbalẽa dzi, alo kura gɔ̃ hã woanɔ nya aɖewo yɔm blewu kplɔ nuxlẽlaa ɖo. Esia akpe ɖe wo ŋu be woƒe nuxexlẽ ƒe ŋutete nanyo ɖe edzi. Nusrɔ̃via akpɔe hã be agbalẽ gbadza si nye Srɔ̃ Nuxexlẽ Kple Nuŋɔŋlɔ ate ŋu aɖe vi na ye. Le nuto aɖewo me la, hamemetsitsiwo ate ŋu awɔ ɖoɖo ɖe nuxexlẽ sɔsrɔ̃ hã ŋu le hamea me. Aɖaŋuɖoɖo siawo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míakpe ɖe ame siwo menya nuxexlẽ nyuie o la ŋu be woase “ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo,” siwo ate ŋu ana woadze nunya hena ɖeɖekpɔkpɔ la, gɔme.—2 Tim. 3:15.