Ale Si Míakpe Ðe Ame Siwo Menya Nuxexlẽ Nyuie O Ŋu
1. Nu ka tae wòsesẽna na mí be míafia Biblia ame siwo menya nuxexlẽ nyuie o?
1 Anɔ eme be aƒemenɔla siwo menya nuxexlẽ nyuie o la adi vevie be yewoasrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu hafi, gake ɖewohĩ nusɔsrɔ̃ tso Biblia kple agbalẽ bubuwo me ate ŋu ado vɔvɔ̃ na wo. Eya ta ne míetsɔ Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa na ame mawo tɔgbi tso gɔmedzedzea la, maɖe vi na wo boo o. Aleke míate ŋu akpe ɖe wo ŋu woasrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu? Aɖaŋu siwo gbeƒãɖela bibi vovovo siwo tso dukɔ siwo wu 20 me ɖo lae nye esiwo gbɔna.
2. Agbalẽ kawoe míate ŋu atsɔ akpe ɖe ame siwo menya nuxexlẽ nyuie o ŋu?
2 Ne nusrɔ̃vi aɖe menya nuxexlẽ nyuie o, alo menya nuxexlẽ kura o la, míate ŋu azã agbalẽ gbadza siwo nye Ðo To Mawu alo Ðo To Mawu Ne Nànɔ Agbe Tegbee atsɔ adze nusɔsrɔ̃ gɔme kplii. Mɔɖela aɖe si le Amerika tsɔa agbalẽ gbadza evea siaa fiaa aƒemenɔlaa be wòatia esi wòdi. Alɔdzedɔwɔƒe si le Kenya ka nya ta be, agbalẽ siawo zazã ɖe vi geɖe le afi ma elabena Afrikatɔwo fiaa nu wo viwo to ŋutinyawo gbɔgblɔ na wo me, ke menye nyawo biabia kple wo ŋu ɖoɖo dzi o. Togbɔ be ame si nya agbalẽ ate ŋu axlẽ nu ahaɖo biabiawo ŋu hã la, ema wɔwɔ asesẽ na ame si mede suku boo o. Ne nusrɔ̃via nya nuxexlẽ vie la, gbeƒãɖela aɖewo dina be yewoadze nusɔsrɔ̃a gɔme le agbalẽ gbadza si nye Nya Nyui Si Tso Mawu Gbɔ! alo Àte Ŋu Anye Mawu Xɔlɔ̃! alo Nye Agbalẽ si Nye Biblia Ŋutinyawo me.
3. Nu kae wòle be wòanɔ susu me na mí ne míele nu fiam ame siwo menya nuxexlẽ nyuie o?
3 Kafu Wo: Ŋu kpea ame siwo menya nuxexlẽ o, eye wo dometɔ geɖe susuna be bubu mele yewo ŋu o. Nu gbãtɔ si míawɔ hafi ate ŋu afia nyateƒea woe nye be míakpe ɖe wo ŋu woaɖe dzi ɖi. Ame siwo menya nuxexlẽ o dometɔ geɖe ƒe tagbɔ kɔ ŋutɔ eye wotea ŋu srɔ̃a nu. Eya ta de bubu wo ŋu eye nàwɔ nu ɖe wo ŋu nyuie. (1 Pet. 3:15) Ne wokpɔe be yewoƒe agbagbadzedzea le ku tsem la, esia aʋã wo woayi nusɔsrɔ̃a dzi eye woawɔ ŋgɔyiyi. Eya ta kafu wo ɣesiaɣi.
Ŋu kpea ame siwo menya nuxexlẽ o, eye wo dometɔ geɖe susuna be bubu mele yewo ŋu o. Nu gbãtɔ si míawɔ hafi ate ŋu afia nyateƒea woe nye be míakpe ɖe wo ŋu woaɖe dzi ɖi
4. Aleke míate ŋu ade dzi ƒo na nusrɔ̃vi si menya nuxexlẽ nyuie o be wòadzra ɖo ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu do ŋgɔ?
4 Ne nusrɔ̃vi aɖe menya nuxexlẽ nyuie o hã la, de dzi ƒo nɛ be wòadzra ɖo ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu do ŋgɔ. Gbeƒãɖela aɖewo siwo le South Africa dea dzi ƒo na woƒe nusrɔ̃viwo be woana woƒe ƒometɔ alo xɔlɔ̃ si nya nuxexlẽ nakpe ɖe wo ŋu. Nu si gbeƒãɖela aɖe si le Britain wɔna tsɔ dea dzi ƒo na eƒe nusrɔ̃viwo be woadzra ɖo ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu do ŋgɔe nye be, etsɔa eya ŋutɔ ƒe agbalẽa nana nusrɔ̃via be wòakpɔ edzi esi wole memama ʋɛ gbãtɔ aɖewo me dzrom. Esia nana nusrɔ̃via kpɔa ale si wònɔa bɔbɔe be woaɖo nya ŋu ne wosrɔ̃ nua do ŋgɔ hete fli ɖe ŋuɖoɖoawo te. Nɔviŋutsu aɖe si le India dea dzi ƒo na eƒe nusrɔ̃viwo be woakpɔ nɔnɔmetata siwo le agbalẽa ƒe akpa si woava srɔ̃ le kwasiɖa si gbɔna me eye woanɔ ŋugble dem tso eŋu.
5. Aleke míagbɔ dzi ɖi na míaƒe nusrɔ̃viwo ne míele Biblia srɔ̃m kpli wo?
5 Gbɔ Dzi Ði Na Wo: Agbalẽ ka ke zãm nèɖale o, te gbe ɖe nya veviawo dzi eye nàkpe ɖe nusrɔ̃via ŋu be wòase wo gɔme nyuie. Le gɔmedzedzea la, anyo be nusɔsrɔ̃a nanɔ abe miniti 10 va se ɖe 15 ko ene. Midzro memama ʋɛ aɖewo ko me. Gbɔ dzi ɖi na nusrɔ̃via ne eƒe nuxexlẽ mele tsɔtsɔm o. Ne nusrɔ̃via va le tetem ɖe Yehowa ŋu geɖe wu la, esia ate ŋu aʋãe wòawɔ ŋgɔyiyi le nuxexlẽ me. Be nàkpe ɖe wò nusrɔ̃via ŋu wòawɔ esia la, anyo be nàkpee tso gɔmedzedzea be wòade hamea ƒe kpekpewo.
6. Aleke míawɔ akpe ɖe amewo ŋu be woasrɔ̃ nuxexlẽ?
6 Ne Biblia nusrɔ̃viwo nya nuxexlẽ la, esia kpena ɖe wo ŋu wowɔa ŋgɔyiyi kabakaba. (Ps. 1:1-3) Gbeƒãɖela geɖe zã agbalẽ si nye Srɔ̃ Nuxexlẽ Kple Nuŋɔŋlɔ tsɔ kpe ɖe woƒe nusrɔ̃viwo ŋu esi wosrɔ̃nɛ miniti ʋɛ aɖewo le nusɔsrɔ̃ ɖe sia ɖe megbe. Ne dzi ɖe le nusrɔ̃via ƒo la, àte ŋu ahe eƒe susu ayi nu siwo me wòwɔ ŋgɔyiyi le dzi atsɔ ade dzi ƒo nɛ. Ka ɖe edzi nɛ be Yehowa ayra ɖe eƒe agbagbadzedzewo dzi, eye nàde dzi ƒo nɛ be wòanɔ gbe dom ɖa tso eŋu. (Lod. 16:3; 1 Yoh. 5:14, 15) Gbeƒãɖela aɖewo siwo le Britain dea dzi ƒo na woƒe nusrɔ̃viwo be woaɖo taɖodzinu siwo sɔ la na wo ɖokui. Le kpɔɖeŋu me, woasrɔ̃ alfabetawo katã nyuie, eyome woasrɔ̃ ale si woaʋu mawunyakpukpuiwo axlẽ wo, eye mlɔeba la, woasrɔ̃ Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo le bɔbɔe xexlẽ. Zi geɖe la, ele be míakpe ɖe amewo ŋu woadi vevie be yewoasrɔ̃ nuxexlẽ, ke menye be míafia ale si woaxlẽ nui la wo ko evɔ o.
7. Nu ka tae mele be míahe ɖe megbe le nyateƒea fiafia ame siwo menya nuxexlẽ boo o la me o?
7 Yehowa medaa ame siwo menya agbalẽ boo o la ɖe anyi o. (Hiob 34:19) Ame ƒe dzi mee wòkpɔna. (1 Kron. 28:9) Eya ta mègahe ɖe megbe le nyateƒea fiafia ame siwo menya nuxexlẽ boo o la me o. Wotrɔ asi le dɔwɔnu geɖewo ŋu na mí siwo nàte ŋu azã. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, àte ŋu atrɔ nusɔsrɔ̃a ayi Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa me ale be wòase Ŋɔŋlɔawo gɔme geɖe wu.