Ɣekaɣie Wòle Be Míatrɔ Ayi Ame Siwo Ðe Ðetsɔleme Fia La Gbɔ?
1. Nu kae nusrɔ̃lawo wɔwɔ lɔ ɖe eme?
1 Nusrɔ̃lawo wɔwɔ bia be míatrɔ ayi ame sia ame si ɖee fia be yedi be yeasrɔ̃ nu tso Yehowa ƒe Fiaɖuƒeɖoɖoa ŋu la gbɔ. (Mat. 28:19, 20) Zi geɖe la, ɣeyiɣi si sɔ be míatrɔ ayi ame siwo ɖe ɖetsɔleme fia gbɔ la nɔa te ɖe amea ƒe ɖoɖowo kple mía ŋutɔwo tɔ siaa dzi. Nu ka tae wòle be míatrɔ ayi ɖetsɔlemetɔawo gbɔ ɣeyiɣi kpui aɖe le dzeɖoɖo kpli wo zi gbãtɔ megbe?
2, 3. Nu ka tae wòle be míadze agbagba atrɔ ayi ameawo gbɔ kaba ale si wòanya wɔe?
2 Nu Ka Tae Wòle Be Míatrɔ Ayi Kaba? Gbeƒãɖeɖe “fiaɖuƒe ŋuti nya nyui” ƒe dɔ sia ɖo eƒe yɔyrɔenu, eye nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu tu aƒe. (Mat. 24:14; 1 Pet. 4:7) Eya ta esi wònye be míegakpɔtɔ le “xɔxɔgbe” si aɖe vi na ɖetsɔlemetɔwo me ta la, ele be míawɔ ɖe nuxlɔ̃ame si nye be ‘míaɖe gbeƒã nya la vevie,’ si lɔ tɔtrɔ yi ame siwo ɖe ɖetsɔleme fia la gbɔ kaba ale si wòanya wɔe ahatu woƒe ɖetsɔlemea ɖo ɖe eme la, dzi.—2 Kor. 6:1, 2; 2 Tim. 4:2.
3 Satana di vevie be yeaɖe Fiaɖuƒea ƒe ku si míanya ƒã ɖe ɖetsɔlemetɔ aɖe ƒe dzi me la dzoe. (Mar. 4:14, 15) Zi geɖe la, ƒometɔwo, dɔwɔhatiwo, kple ame bubuwo ɖua fewu le ame siwo tsɔ ɖe le nya la me la ŋu. Ne míetrɔ yi ameawo gbɔ kaba la, akpe ɖe mía ŋu be míatu ɖetsɔleme si woɖe fia va yi la ɖo dzidzedzetɔe hafi ame bubuwo nava ɖe dzi le wo ƒo.
4. Aleke míawɔ ɖoɖo ɖe tɔtrɔyi ŋu le dzeɖoɖo kple amea zi gbãtɔ me?
4 Miɖo Game Si Nàtrɔ Ayi: Anyo be miawɔ ɖoɖo ɖe ɣeyiɣi si nàtrɔ ayi ŋu hafi nàdzo le amea gbɔ le dzeɖoɖo kplii zi gbãtɔ vɔ megbe. Bia nya aɖe si ŋu nàɖo ne ètrɔ yi egbɔ. Nuŋlɔɖi nyui wɔwɔ hiã le go sia me. Ne wò ɖoɖowo ɖe mɔ la, àte ŋu adoe ɖe egbɔ be yeatrɔ ava le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi alo le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe. Nenye be kwasiɖanuwuwue nèɖo dze kple amea zi gbãtɔ, evɔ wòhedea dɔ me le kwasiɖaa me la, ɖewohĩ alɔ̃ be nàtrɔ ava ye gbɔ le kwasiɖanuwuwu si kplɔe ɖo. Ne èɖo game na amea la, kpɔ egbɔ be èwɔ ɖe edzi.—Mat. 5:37.
5. Aleke tɔtrɔ yi amewo gbɔ kaba ana míawɔ nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔ si Yesu de mía si la nyuie?
5 Susu nyui geɖewo li siwo tae wòle be míatrɔ ayi ɖetsɔlemetɔwo gbɔ kaba ale si wòanya wɔe ɖo. Eya ta wɔ ɖoɖo nàtrɔ ayi kaba, elabena “ɣeyiɣi vi aɖe koe susɔ.” (1 Kor. 7:29) Zi ale si míetrɔ yi ame siwo tsɔ ɖe le Fiaɖuƒegbedeasia me gbɔ kaba la, zi nenemae viɖe geɖe ado tso míaƒe agbagbadzedzewo mee.